You are on page 1of 4

Gbeƒãɖeɖewo Kple Ŋkuɖodzinyawo

February 2024

NA HAMEMETSITSIWO
1. Kpekpeawo Dede Ŋkume Kple Ŋkume: Yehowa ƒe amewo dea kpekpewo elabe wolɔ̃
Yehowa eye wodi be yewoakafui “le ameha gãwo dome.” (Ps. 22:25) Azɔ hã, wolɔ̃ wo
nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo eye dzi dzɔa wo be mɔnukpɔkpɔ sua yewo si be ‘yewoade
dzi ƒo na yewo nɔewo.’ (Rom. 1:12; Heb. 10:24, 25) Eya ta míeka ɖe edzi be Yehowa ƒe
amewo katã, vevietɔ mi alẽkplɔla lɔlɔ̃awo, dea asixɔxɔ vavã mɔnukpɔkpɔ si su mia si be
miade kpekpeawo ŋkume kple ŋkume la ŋu ale gbegbe, eye mia dometɔ geɖe tsɔa nuwo
saa vɔ wɔnɛ nenema. Míeda akpe na Yehowa be ame geɖe siwo nye dɔnɔwo,
ametsitsiwo, alo ame siwo ŋu kuxi bubuwo le te ŋu dea kpekpeawo hekpɔa gome le wo
me to videokadodo alo mɔnu bubuwo dzi.

2. Midze agbagba mianɔ kpekpeawo dem ŋkume kple ŋkume wòanye kpɔɖeŋu nyui na
nɔviawo eye miade dzi ƒo na wo be woawo hã nawɔe nenema ne anya wɔ. Gake migahe
nya ɖe ame siwo dea kpekpeawo to videokadodo dzi la ŋu o. (Rom. 14:10, 13) Migawɔ
sewo le ame si woaɖe mɔ woade kpekpea to videokadodo dzi ŋu hã o. Ema agbɔ mɔfiame
si “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” na la ŋu. (Mat. 24:45; 1 Kor. 4:6; sfl ta 20 mm. 27)
Kakaɖedzi nenɔ mia si be ‘míedaa akpe na Mawu ɖe miaƒe xɔsedɔwo, dɔ siwo miewɔna
le lɔlɔ̃ me kple miaƒe dzidodo ta.’—1 Tes. 1:2, 3.

3. Dzadzraɖo Ðe Ƒe 2024 Ŋkuɖodzia Ŋu: Míeɖe kuku mizɔ ɖe mɔfiame siwo wona le
Mikplɔ Alẽhaa gbalẽa, ta 20, memama 6-13, ku ɖe dzadzraɖo ɖe Ŋkuɖodzia ŋu la dzi.

4. Ƒe 2024 Nuƒo Tɔxɛ Kple Ŋkuɖodzia Ƒe Amekpekpedɔ Tɔxɛ: Míawɔ dɔ le xexeame


godoo akpe ame geɖe ale si nu míate ŋui na nuƒo tɔxɛa kple Ŋkuɖodzia. Míele dzi dem ƒo
na hamemetsitsiwo katã be woakpɔe ɖa ne nɔnɔmea aɖe mɔ na wo woawɔ kpekpeɖeŋu
mɔɖeɖedɔa le March alo April me. (Rom. 12:11; Heb. 13:17) Mide dzi ƒo na gbeƒãɖelawo
be woakpe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, ƒometɔ siwo dzudzɔ gbeadziyiyi, Biblia
nusrɔ̃viwo, ame siwo gbɔ míetrɔna yina, kple ame nyanyɛ bubuwo.

5. Mikplɔ Alẽhaa Me Nya Bubuwo Si Me Wogbugbɔ To: Enye dzidzɔ be míana mianya
be woda Mikplɔ Alẽhaa Gbalẽa Me Nya Bubuwo si ŋu wotrɔ asi le la ɖe JW Hub ƒe akpa
si nye “Forms” le “Documents” te. Nya vevi si trɔ le xoxoa me la dze le ete:

• Mm. 4, nyaɖoɖo: Wode mɔfiame eme ku ɖe ɣeyiɣi didi si Agreement for Loan of
Equipment (A-224) anɔ nuŋlɔɖidzraɖoƒea la ŋu.

6. Dutoƒonuƒogbalẽ 123 Lia: Dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Nu Si Tae Wòle Be


Kristotɔwo Nato Vovo” (123 Lia) si ŋu wotrɔ asi le ye nye dutoƒonuƒo si nutome sue
dzikpɔla aƒo le ƒe 2025 ƒe ɣleti ade gbãtɔawo me. Eya ta migazã dutoƒonuƒogbalẽ 123
Lia tso May 1, 2024 dzi o.

7. Dɔwɔwɔ Le Fiaɖuƒe Akpatawo Me Dedie: Míeɖe kuku miwɔ ɖoɖo ɖe belélenaxɔ alo
dzadzraɖodɔ gãwo ŋu ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ ale be dɔwɔnu kple dedienɔnɔ ŋuti nuzazã
siwo hiã la nasɔ gbe. Mibu afɔ vevi siwo miaɖe atsɔ axe mɔ ɖe afɔku nu alo aɖe edzi
akpɔtɔ la ŋu, vevietɔ be amewo nagage tso dzi o.

S-147-24.02-EW
NA HAMEMETSITSIWO ƑE HAWO ƑE ÐODOWO GBƆ KPƆLAWO
1. Gbeƒãɖeɖe Siwo Yi Na Hamewo: Míeɖe kuku mixlẽ gbeƒãɖeɖe siwo yi na hamewo la
le kwasiɖa domedome kpekpe si miagawɔ me eye emegbe miaklãe ɖe nyatakakaʋuƒoa
dzi ɣleti ɖeka ya teti. Mikpɔ egbɔ be nɔviŋutsu si axlẽ gbeƒãɖeɖe si ku ɖe “Ƒe 2024
Dutoƒonuƒo Tɔxɛa Kple Ŋkuɖodzia” ŋu la nya ɣletiŋkeke si woaƒo dutoƒonuƒo tɔxɛa na
hamea.

2. Ŋkuɖodzia Ƒe Amekpegbalẽvi Si Woaɖe Le Videomɔ̃wo Dzi: Wotsɔ nɔnɔmetata si


dzi woŋlɔ ɖo be “Ƒe 2024 Yesu Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzi” kpe ɖe Ƒe 2024 Ŋkuɖodzia ƒe
amekpegbalẽvi si le JW Library la ŋu. Mizã foto sia ne videomɔ̃ le teƒe si miawɔ
Ŋkuɖodzia le la xoxo. Nexɔ ɖe ƒea ƒe mawunyakpukpuia teƒe wòanɔ dzedzem le mɔ̃a dzi
do ŋgɔ na ha si miadzi atsɔ adze wɔnaa gɔme kple le gbedodoɖa vɔ megbe, eye miate ŋu
ana wòanɔ dzedzem le mɔ̃a dzi ne wɔnaa le edzi yim nenye be mieɖea nuƒolaa wòdzena
le mɔ̃a dzi o. Fotoa nadze ame siwo le videokadodo dzi nakpɔ do ŋgɔ na wɔnaa kple le
kpakpã megbe ko. Miakpɔ nɔnɔmetataa ne mieʋu amekpegbalẽvia eye mieyi akpa si nye
“Show Media.” Míeɖe kuku mikpɔ egbɔ be ame siwo wotia be woakpɔ odio/video gbɔ le
Ŋkuɖodzia wɔɣi nya mɔfiame sia.

3. Dutoƒonuƒogbalẽ 123 Lia: Míeɖe kuku mikpɔ egbɔ be subɔsubɔdɔwɔla siwo aƒo
dutoƒonuƒo 123 Lia nya mɔfiame si wona le gbeƒãɖeɖe si yi na hamemetsitsiwo la ƒe
memama 6 lia.

4. Dɔwɔwɔ Le Fiaɖuƒe Akpatawo Me Dedie: Míeɖe kuku miwɔ kpekpe kpui aɖe kple
hamemetsitsiwo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo katã kaba ale si wòanya wɔe miadzro
dedienɔnɔ ƒe vevienyenye me. Mitia hamemetsitsi si dze le miaƒe hamea me, ɖewohĩ
ame si nye Fiaɖuƒe Akpata Dzikpɔkɔmitia me tɔ, wòakpɔ kpekpe sia dzi. Le kpekpea me
la, nedzro nya siwo le Mikplɔ Alẽhaa gbalẽa ƒe ta 21, memama 27-32 me, eye wòate gbe
ɖe gɔmeɖose si ku ɖe dɔdedeamesi kple ale si wòle vevie be woaɖe afɔ kaba akpɔ nu
siwo ate ŋu ahe afɔku vɛ gbɔ la dzi. Miate ŋu aɖe video si nye Yehowa Di Be Nànɔ Dedie,
alo miate ŋu adzro mɔfiame siwo le Working Together Safely—Standards for Theocratic
Construction and Maintenance (DC-82) me nya tiatia aɖewo me.

NA AGBENƆNƆ KPLE SUBƆSUBƆDƆ KPEKPE DZI KPƆLAWO


1. Kwasiɖa Domedome Kpekpea Ƒe Akpa Si Nye “Míadze Amewo Kpekpe Na
Ŋkuɖodzia Tso Memleɖa, March 2” La Ŋu: Míeɖe kuku mikpɔ egbɔ be nɔviŋutsu si awɔ
kwasiɖa domedome kpekpea ƒe akpa si nye “Míadze Amewo Kpekpe Na Ŋkuɖodzia Tso
Memleɖa, March 2” si woawɔ le February 26, 2024, ƒe kwasiɖaa me la de dzi ƒo na
gbeƒãɖelawo be woakpe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, ƒometɔ siwo dzudzɔ
gbeadziyiyi, Biblia nusrɔ̃viwo, ame siwo gbɔ míetrɔna yina, kple ame nyanyɛ bubuwo.
Nena hamea nanya hã be le amekpeɣia la, woada nya siwo ku ɖe Ŋkuɖodzia kple nuƒo
tɔxɛa ŋu ɖe jw.org ƒe gɔmedzeƒea.

NA AGBALẼŊLƆAWO
1.Ŋkuɖodzia Ƒe Game Kple Teƒea: Míeɖe kuku miŋlɔ game kple teƒe si miaƒe hamea
awɔ Ŋkuɖodzia le la de JW Hub, ne miekpɔ wɔe haɖe o. Ne ƒuƒoƒo alo gbeƒãɖela siwo
ava zu ƒuƒoƒo le miaƒe hamea te eye woawɔ Ŋkuɖodzia le wo ɖokui si la, mida Ŋkuɖodzi
ma hã ƒe gamea kple teƒea ɖe JW Hub. Azɔ hã, mide Ŋkuɖodziwɔnaa(wo) ƒe game kple
teƒea ŋuti nyatakaka telefon nyaŋuɖomɔ̃ si le Fiaɖuƒe Akpataa me dzi.—sfl ta 21 mm. 35.

S-147-24.02-EW
NA SUBƆSUBƆDƆDZIKPƆLAWO
1. Monthly Movement of Literature (S-28) Gbalẽvi Si Le JW Hub: Madidi o
agbalẽdɔɖoɖohamewo ate ŋu ata Monthly Movement of Literature gbalẽvia ƒe kɔpi le
JW Hub. Mitsɔ agbalẽvi sia na nutome sue dzikpɔla ne eva srã mi kpɔ. Ne miedi be
yewoata Monthly Movement of Literature gbalẽvia ƒe kɔpi la, miyi JW Hub ƒe akpa si nye
“Literature” miaʋu “Monthly Movement” le “Inventory” te, eye miatia “Print Report (S-28).”
Ne miaƒe hamea kpɔa hame siwo wu ɖeka ƒe agbalẽdɔnyawo gbɔ la, ekema mɔ̃a abia be
miatia gbegbɔgblɔ si ŋu dɔ wɔm miele.

2. Míawɔ Dɔ Tɔxɛ Le Xexeame Godoo Le September 2024 Me: Míazã Kpɔ Dzidzɔ Le
Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadzaa awɔ gbeƒãɖeɖedɔ le xexeame godoo ado Biblia nusɔsrɔ̃
ɖe ame geɖe ale si nu míate ŋui gbɔ le September 2024, ɣletia me.
Agbalẽdɔɖoɖohamewo nalé ŋku ɖe Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽ gbadzaa siwo
li kple esiwo wodɔ xoxo la ƒe agbɔsɔsɔ ŋu akpɔe ɖa be ehiã be woagadɔ ɖe akpee na dɔa
wɔwɔ hã. Midɔ agbalẽawo hafi Dzoɖa, February 26, 2024, nava yi ale be woava ka mia si
hafi dɔa nadze egɔme.

3. Miaƒe hamea ate ŋu azã Free Bible Course boblodonuawo le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me le


dɔa wɔɣi. Hame siwo zãa boblodonu magnɛt tɔwo eye wogahiã ɖe kpee la nadɔe hafi
Dzoɖa, February 26, 2024 nava yi. Míeɖe kuku mizã nudɔdzesi mvpfbc1 miatsɔ adɔ
boblodonu si dzi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋkume kple ŋkume ƒe foto dze le. Mizã nudɔdzesi
mvpfbc2 miatsɔ adɔ boblodonu si dzi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ to videokadodo dzi ƒe foto dze
le.

4. Le dɔ sia ta la, ɖewohĩ Nyɔ! No. 3 2018 ƒe tata ʋɛ aɖewo koe miahiã le September kple
October 2024 ɣletiawo me. Le esia ta, agbalẽdɔɖoɖohamewo nalé ŋku ɖe magazinea ƒe
agbɔsɔsɔ si wodɔ xoxo la ŋu ahaɖe wo dzi akpɔtɔ (ale si dze) hafi ɣletiŋkeke si wona le
JW Hub la nava yi.

S-147-24.02-EW
Gbeƒãɖeɖewo Kple Ŋkuɖodzinyawo
February 2024

NA HAMEWO
1. Dɔwɔwɔ Le Fiaɖuƒe Akpatawo Me Dedie: Hamemetsitsiwo kple ame siwo wotia be
woakpɔ xɔdzraɖodɔwo gbɔe kpɔa xɔdzradɔwo dzi le Fiaɖuƒe Akpata me. Esia ana woawɔ
ɖoɖo si sɔ ahadi dɔwɔnu siwo hiã ale be woawɔ dɔa dedie.

2. Gadzɔdzɔ Le Gbeadzi: Dɔdzikpɔhaa tso nya me be mele be gbeƒãɖelawo nagaƒo nu


tso gadzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa ŋu le gbeadzi ŋu o. Ne ɖetsɔlemetɔ aɖe bia nya tso gadzɔdzɔ atsɔ
ado alɔ míaƒe dɔa ŋu la, miate ŋu ahe eƒe susu ayi jw.org alo agblɔ ale si wodzɔa ga le
Fiaɖuƒe Akpataa me ŋu nɛ.

3. Ƒe 2024 Nuƒo Tɔxɛ Kple Ŋkuɖodzia: Ƒe 2024 nuƒo tɔxɛa ƒe tanyae nye “Mawu Ðu Ku
Dzi—Woagbɔ Agbe Kukuawo!” Woaƒo nuƒoa le _________________________ dzi.
Woawɔ Ŋkuɖodzia le Kwasiɖa, March 24, 2024 dzi. Womawɔ kwasiɖanuwuwu kpekpe le
Ŋkuɖodzi ƒe kwasiɖaa me o. Gbeƒãɖelawo ate ŋu atiae be yewoawɔ kpekpeɖeŋu
mɔɖeɖedɔa ana gaƒoƒo 15 le March kple April ɣletiawo me.

S-147-24.02-EW

You might also like