You are on page 1of 1

Gbeƒãɖeɖe

January 31, 2024

NA HAMEMETSITSIWO ƑE HA ƑE ÐOÐOWO GBƆ KPƆLA KPLE AGBALẼŊLƆLA


AÐEWO
1. Ƒe 2024 Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku: Míetsɔ lɛta si miaƒe nutome sue dzikpɔla ŋlɔ
na mɔɖela ɖe sia ɖe si dze ade Ƒe 2024 Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Sukua kpe ɖe
gbeƒãɖeɖe sia ŋu. Hafi miatsɔ nutome sue dzikpɔla ƒe lɛtaa na mɔɖelaa la, míeɖe kuku
mikpɔ egbɔ be mɔɖelaa ɖo nudidi siwo gbɔna la dometɔ ɖeka gbɔ:
(1) Woɖo mɔɖelaa wòdze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le September 1, 2023 dzi alo
do ŋgɔ, mede sukua le ƒe atɔ̃ siwo va yi me o, eye axɔ ƒe 18 ya teti le sukua ƒe
ŋkeke gbãtɔ dzi. Woaɖe mɔ na mɔɖela si mexɔ ƒe 18 o wòade sukua nenye be
edzilaa nye mɔɖela eye wokpe eya hã be wòade klass ma ke ko hafi.
(2) Wokpe mɔɖelaa be wòade sukua le ƒe si va yi me gake dɔléle alo nudzɔdzɔ kpata
bubu aɖe wɔe be mete ŋu de o, alo sukua ƒe akpa gãtɔ to eŋu. Hafi mìakpe mɔɖela
sia tɔgbi la, mìkpɔ egbɔ be menye ɖe wòdzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gava dze egɔme
o.

2. Ne ame aɖe meɖo nudidia siawo gbɔ o la, migatsɔ amekpelɛtaa nɛ o, eye miana miaƒe
nutome sue dzikpɔla nanya. Womawɔ ɖoɖo aɖeke be sukuviwo nade sukua to
videokadodo dzi o. Togbɔ be mebɔ o hãa, miate ŋu aɖe mɔ na mɔɖela si tsi alo dze dɔ
vevie la be wòade sukua to videokadodo dzi.

3. Ne mɔɖela aɖe di be yealala ava de sukua emegbe kple susu be ye kple yeƒe ƒometɔ
kplikplikpli aɖe yewoade sukua ɖekae la, miate ŋu aɖe mɔ nɛ faa. Mɔɖela siwo medi be
yewoade sukua ŋkume kple ŋkume fifia o ate ŋu ava de sukua emegbe. Ne nɔvi aɖe medi
be yeade sukua fifia o la, míeɖe kuku mina miaƒe nutome sue dzikpɔla nanya. Ne mɔɖela
aɖe xɔ amekpegbalẽa gake wòdzudzɔ mɔɖeɖedɔa hafi sukua dze egɔme la, mina miaƒe
nutome sue dzikpɔla nanya enumake eye miaka eta na Teokrasi Sukuwo Dzikpɔƒe si le
Subɔsubɔ Dɔdzikpɔƒea.

4. Ne mɔɖela aɖe di be yeade sukua le gbe bubu si to vovo na esi mìaƒe nutome suea
dona me la, migaɖo amekpelɛtaa ɖee o. Miɖo mɔɖelaa ƒe kadodo ŋuti nyatakaka boŋ ɖe
miaƒe nutome sue dzikpɔla. Ne woawɔ sukua le gbegbɔgblɔ ma mea, miaƒe nutome sue
dzikpɔla aɖo mɔɖelaa ƒe kadodo ŋuti nyatakaka ɖe nutome sue dzikpɔla si dze.

5. Wobua gaƒoƒo 30 na gbesiagbe mɔɖelawo le ɣleti si me wode sukua. (Mikpɔ


Mɔfiamewo Na Gbesiagbe Mɔɖela Yeyewo [S-236].) Migblɔ na mɔɖela veviwo kple
dutanyanyuigblɔla siwo mele Betel o be woaŋlɔ “Attended pioneer school” ɖe
gbeadzikɔnta si woatsɔ na hamea alo aɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea la dzi.

1/31/24-EW

You might also like