You are on page 1of 80

Agbenyawo

Xexl8
NUXEXLĔ
...GBE SIA GBE NUXEXLĔ

Chris Oyakhilome
Unless otherwise indicated, all Scripture quotations are taken from the King James Version of
the Bible.
A KEY FOR OTHER BIBLE VERSIONS USED:
NKJV -New King James Version
AMP -The Amplified Bible
AMPC -The Amplified Classic Bible
TANT -The Amplified New Translation
TLB -The Living Bible
CEV -Contemporary English Version
NASB -New American Standard Bible
ISV -International Standard Version
NIV -New International Version
MSG -The Message Translation
WEB -The World English Bible
TNLT -The New Living Translation
ASV -American Standard Version
TEV -Today’s English Version
RSV -Revised Standard Version
GNB -Good News Bible
WNT -Weymouth New Testament
NRSV -New Revised Standard Version
MOFFAT -Moffatt New Translation
WESNT -Wesley New Testament
EBR -Rotherham’s Emphasized Bible
DRB -Douay-Rheims Bible
TPT -The Passion Translation
CJB -Complete Jewish Bible
Agbenyawo xexl8...gbe sia gbe nuxexl8.
ISSN 1596-6984
Dzodze 2024 Edition
Copyright © 2024 by LoveWorld Publishing
FOR MORE INFORMATION AND TO PLACE ORDERS:
UNITED KINGDOM: SOUTH AFRICA:
Unit C2, Thames View Business Centre, 303, Pretoria Avenue,
Barlow Way, Rainham-Essex, RM13 8BT. Cnr. Harley and Braam Fischer,
Tel.: +44 (0)1708 556 604 Randburg, Gauteng 2194,
+44 (0)8001310604 South Africa.
USA: Tel.:+27 11 326 0971
Christ Embassy Houston,
8623, Hemlock Hill Drive, CANADA:
Houston, Texas. 77083. LoveWorld Publishing Canada,
Tel.: +1(800) 620-8522 4101, Steeles Ave W, Suite 204,
Toronto, Ontario,
NIGERIA: Canada M3N 1V7.
Plot 105, Chris Oyakhilome Crescent, Tel.:+1 416-667-9191
Durumi, Abuja,

Plot 22/23, Billingsway Road, Oregun,


Ikeja, Lagos.
P.O. Box 13563 Ikeja, Lagos. www.rhapsodyofrealities.org
Tel.: +234 1 8888186 email: rorcustomercare@loveworld360.com

All rights reserved under International Copyright Law. Contents and/or cover may not
be reproduced in whole or in part in any form without the express written permission of
LoveWorld Publishing.
Kp4kpl4yi2eme

H uree! Wò mawunya gb7le si nexl8na gbe sia gbe,


sinye Agbenyawo Xexl8, la le gbe 8,123 me fifia,
eye wògale gegem 2e gbe bubuwo h7 me. Míeka2edzi
be wò nusr-gbal8 si le 5e 2024 sia me la, ana natsi 2e
gb4gb4 me 2e dzi, eye wòana be nakp4 nudzedziname
to 5e la kat7 me.
Agbenyawo sia s4sr- le 5e sia me la, ana be nakp4 t4tr4
yeye, eye ana be nadzra 2o na m4nukp4kp4 5e vi2e g7
a2e le wò z4z4 le Mawunya me.

-ALESI NAZ& AGBAL* SIA BE WòA@E VI NA Wò-

Xl8 emenyawo nyuie, eye nade `ugbl8 le e`u.


K4 gbe dzi nagbl4 gbedodo2a kple x4senyawo
gb4gbl4, siwo kpl4e 2o na 2okuiwò. Enya siawo
gbl4m nele la, akp4 `u2o2owo le wòagbe me.

Ate `u axl8 Biblia blibo la kat7 le 5e 2eka loo,


alo 5e eve me.

Ate `u ama wò gbe sia gbe Biblia xexl8 2e akpa


eve, `udi kple fi8.

Z7 agbal8 sia nats4 `l4 ta2odzinu siwo nedi be


yeaw4 le 6leti 2e sia 2e me. De dzesi esiwo kat7
nete `u w4. W4 esiawo kat7 to gbedodo2a me.

Míele wò y4m be nakp4 dzidz4 le Mawu me, afi si nye


E5e K4k4e5e kple dzi2u2u, le 5e sia kat7 me, to gbe sia
gbe 5e mawunya 2u2u me! Míel- mi kat7! Mawu yra mi!

-Osɔfo Chris Oyakhilome


AMEA 5E `UTINYAWO
~k4:
A5eme adr1s:

A5eme t1l1fon:
Asi ka5om4:

Email Adr1s:
D4w45e Adr1ss:

TA2ODZINUWO LE 6LETI LA ME:
Agbenyawo Xexl8
NUXEXLĔ
...GBE SIA GBE NUXEXLĔ

www.rhapsodyofrealities.org
yawo2a 1

AKPEDADA ƑE AGBE
Mitsɔ dzidzɔ da akpe na Fofo la ɣesiaɣi, elabe
eyae wɔe be míedze, be mí kple ame siwo ŋu wokɔ
la, míanyi dome le kekeli me (Kolosetɔwo 1:12).

Ɖ e nènya be akpedada ƒe agbenɔnɔ nye mɔnu siwo dzi


nàto anɔ lãmesẽ me la dometɔ ɖeka? Ame aɖewo xɔ
edzi se be ame aɖeke mate ŋu anɔ lãmesẽ me le blibonyenye me
o, eye menye nyateƒee o; lãmesẽme nɔnɔ blibo nye Kristotɔ ɖe
sia ɖe ƒe gomenɔamesi. Esiae Biblia fia.
De dzesi nu si míexlẽ le míaƒe ŋgɔdokpukpuoa me: "Mitsɔ
dzidzɔ da akpe na Fofo la ɣesiaɣi, elabe eyae wɔe be míedze, be
mí kple ame siwo ŋu wokɔ la, míanyi dome le kekeli me." Edi
be wò agbe nanye akpedada ƒe agbe ɣesiaɣi, elabena Fofo la na
be èdze hena gomekpɔkpɔ le ame kɔkɔeawo ƒe domenyinu me
le kekeli ƒe Fiaɖuƒe la me.
Domenyinu ma ƒe akpa aɖee nye mawume 'gbe si me
mawume lãmesẽnɔna. Wotsɔ mawume lãmesẽna wò le Kristo
Yesu me eye Edi be nàlé eme ɖe asi to akpedada ƒe agbe nɔnɔ
me. Ana be ànɔ lãmesẽ me ɣesiaɣi. Haleluya!

6
ewe
XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Mele akpedada ƒe agbe nɔm, hele Kristo ƒe dɔ nyuiwo
kple blibodenuwo hem ɖe go. Mele zɔzɔm le Gbɔgbɔ la ƒe
ŋutikɔkɔe kple agbonyinyi me. Menɔa anyi le lãmesẽ me, eye
mekpɔa dzidzedze, kple dziɖuɖu ɖe Satana, xexea me kple eƒe
seɖoanyiwo dzi le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
1 Tesalonikat4wo 5:18; Romat4wo 8:10-11; 3 Yohanes 1:2

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 22:15-46 & 2 Mose 22-23
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 14:8-18 & Hiob 34-35 7
fi2a 2

AGBE SI DE BLIBO LA
Bene miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe
ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do
nyui wɔwɔ me, eye miatsi le sidzedze Mawu me
(Kolosetɔwo 1:10).

N usɔsrɔ̃ geɖe le Gbɔgbɔ la ƒe gbedodoɖa sia, si Wòdo


ɖa to Apostolo Paulo dzi la me. Esia na míenya nu tso
ale si Kristogbe si de blibo le gowo katã me la le - enye agbe
si de blibo. Egblɔ be, bene miazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe
ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me, eye
miatsi le sidzedze Mawu me.
Esia nye nukunya loo; Eɖe ɖoɖo si le Mawu si na wò abe
Kristotɔ fia. Edi be wò gbe sia gbe 'gbe nadze Eyama ŋu - nànɔ
zɔzɔm le Eƒe dzɔdzɔenyenye me ahanɔ eŋudzem le nuwo katã
me. Yesu ƒe nu dze Mawu ŋu ɣesiaɣi; Egblɔ le Yohanes 8:9 me
be, “Eye amesi dɔm ɖa la, li kplim, eye megblẽ nye ɖeka ɖi o:
elabena nye la mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa."
Ele be nènye wò agbe ƒe dɔ ɣesiaɣi be nàwɔ nu siwo ko
adze Fofo la ŋu. Egagblɔ kpe ɖe esia ŋu be, "miatse ku le dɔ
nyui sia do nyui wɔwɔ me." Bu agbe si me anɔ kutsem le dɔ
nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me le la. Esiae le mía si le Kristo Yesu
me - agbe si de blibo. Esia na meɖo ŋku Psalmoŋlɔla ƒe nyawo
dzi le Psalmowo 1:3 me: "Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to,
si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu,
si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!"

8
ewe
Metɔ ɖe afi sia o, le esime nèle zɔzɔm ale si dze Aƒetɔ la
hena eƒe ŋudzedze katã, hele kutsem le dɔ nyui sia do nyui
wɔwɔ me la, Egadi be nàdzi ɖe edzi le sidzedze Mawu me. Ame
aɖewo li siwo le dzidzedzekpɔm le woƒe dɔwɔna me, ke womele
dzidzim ɖe edzi le sidzedze Mawu me o. Ao! Edi be wò agbe
nade blibo le mɔ sia mɔ nu.
Mègana be nevadzɔ be wò dɔ alo wò asitsadɔ na be mète
ŋu do gbe ɖa, srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo hetsi le nu siwo kuɖe Mawu ŋu la
me o. Kristogbe vavã si de blibo le go sia go me lae nye zɔzɔ
le dzɔdzɔenyenye me, adze Aƒetɔ la ŋu le dɔ sia dɔ me, atse ku
le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me, adzi ɖe edzi le sidzedze Mawu
me. Haleluya!

GBEDODOƉA
Fofo lɔlɔt̃ ɔ, akpe na wò be nètsɔ agbe si de blibo le go sia go
me la nam. To wò Gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu me la, mele zɔzɔm
le mɔ si dze Aƒetɔ la nu, hele Eŋu dzem le nuwo katã me, mele
dzɔdzɔenyenye ƒe kuwo tsem hele tsitsi kple dzidziɖedzi kpɔm
le wò Nya ƒe sidzedze me edzi edzi, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

Hebrit4wo 13:20-21; Psalmowo 1:1-3

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Mateo 23 & 2 Mose 24-25

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


D4w4w4wo 14:19-28 & Hiob 36-37

biblia xexl8 le 5e eve me:


9
memle2a 3
NA DZIƉUƉU NADO TSO NUDZƆDZƆ ƉE
SIA ƉE ME
Ke woada akpe na Mawu, si na dziɖuɖu mi to mia
Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la (1 Korintotɔwo 15:57).

M íegale ƒea ƒe gɔmedzedze, eye ele vevie be nàwɔ


ɖoɖo kuɖe ale si nèdi be yeanɔ agbee la. Ɖoe
kplikpaa be yeaɖu dzi gbe sia gbe; bena yeatsɔ Nya la ade dɔwɔna
me eye naneke maxe mɔ na yeƒe dzidzedzekpɔkpɔ o.
Yesu gblɔ le Marko 11:23 me be, "Nyateƒe tututu tom mele
na mi, be ame si ke agblɔ na to sia be: ‘Ho, ne nàyi aɖadze
atsiaƒu me’, eye wòaxɔe ase, ɖikeke manɔmee, be nu si yegblɔ
la ava eme la, ava eme nɛ."
Eye le Mateo 17:20 me la, Egblɔ be, "ne miaƒe xɔse le
sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le
teƒe sia’, eye wòaho; eye nanekewɔwɔ masesẽ na mi o.” Esia
gɔmee nye be, àte ŋu azã wò xɔse azu nu sia nu, agawɔ nu sia
nu. Mɔnukpɔkpɔ siwo seɖoƒe meli na o la katã nye tɔwò!
Biabia si wòle be woabia azɔ̃e nye, ɖe nèle wò xɔse tsɔ dem
dɔwɔna mea? Zã wò xɔse atsɔ atsi agbe me kuxiwo nu gbe sia
gbe. Zɔ ɖe Nya la dzi. Yakobo 1:22 gblɔ be, "Miganye nya la
selawo ko, ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si
nya la gblɔ la dzi.” Eyata na be dziɖuɖuwo nado tso nudzɔdzɔwo
katã me to Nya la dziwɔwɔ me la.

10
ewe
GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, akpe na wò ɖe wò Nya kple ŋusẽ si le eme si naa
be wòte ŋu naa be nu si ŋu wòƒo nu tso la nava eme le menye
kple to dzinye ta. Mele nye agbe ƒe nyawo gbɔ kpɔm nyuie, mele
nye xɔse tum ɖe edzi to Nya la me, hele ŋusẽ domii to ezazã me.
Eya ta mele nanam be dziɖuɖuwo nado tso nudzɔdzɔwo katã
me, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
2 Korintot4wo 2:14; Yakobo 1:22-25

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 24:1-35 & 2 Mose 26-27

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 15:1-11 & Hiob 38-39 11
kwasi2a 4
NA TAƉODZINU GOBIWO NENƆ ASI

Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃ a wo, mitu mia
ɖokuiwo ɖo le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me
[miyi ŋgɔ, mikɔ bobobo abe dziƒoxɔ si wogale
tutum ɖe yame ene], mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la me (Yuda 1:20 AMPC).

M awu ƒe ɖoɖo na wòe nye be nànɔ ŋgɔgbe yim ɣesiaɣi,


eye ŋgɔgbeyiyi gɔmee nye zɔɖeɖe. Ele be ame nate ŋu
adzidze ŋgɔgbeyiyi, nemenye nenema o la, menye ŋgɔgbeyiyi o.
Nenye be nèdi be yeayi ŋgɔ la, nanewo li siwo wòle be nàle
ŋku ɖo. Gbã la, de dzesi ɖoƒe si nèle le wò agbe ƒe akpa si me
nèdi be yeayi ŋgɔ le la. Wò lãmesẽnɔnyawo, ganyawo, dɔwɔna,
asitsadɔ alo ƒomee wònyea? Nu sia nu si wònye la, de dzesi ɖoƒe
si nèle fifia. Nu eveliae nye be nàkpɔ ɖoƒe si me nèdi be yeanɔ la.
Nu etɔl̃ iae nye be nànya nu si wòle be nàwɔ ale be nàɖo ɖoƒe
si dim nèle be yeaɖo la. Esia kuɖe nu siwo wòle be nàtsɔ aƒo
ɖe eme ŋu, abe agbagbadzedze, ɣeyiɣi, kpakple nunɔamesiwo.
Nunɔamesiwo ate ŋu anye ga, dɔwɔnuwo, sidzedze kuɖe nane
ŋu, kple bubuawo. Nu enelia kple mamlɛtɔe nye afɔɖeɖe; wɔ
nu si wòle be nàwɔ ale be nàkpɔ nu siwo dim nèle la. Nemenye
nenema o la, wò didiwo, ɖoɖowo kple tameɖoɖowo la woada
ƒu eye naneke mado tso wo me o.
Ele be taɖodzinu siwo dzi àte ŋu atɔ asii la nenɔ asi wò xoxo
na ƒe sia; na wò susuwo nenɔ wò taɖodzinuwo ŋu. Do gbe ɖa
12
ewe
kuɖe wò taɖodzinuwo ŋu edzi edzi, do gbe ɖa le Gbɔgbɔ Kɔkɔe
la me kuɖe wò taɖodzinuwo ŋu; esia le vevie ŋutɔ, elabena ana
be nàyi ŋgɔ le wò taɖodzinuwo wɔwɔ me. Míaƒe ŋgɔdokpukpuia
gblɔ be, "Ke miawo ya la, nɔvi lɔlɔ̃awo, mitu mia ɖokuiwo ɖo
le miaƒe xɔse kɔkɔetɔ kekeake me [miyi ŋgɔ, mikɔ bobobo abe
dziƒoxɔ si wogale tutum ɖe yame ene], mido gbe ɖa le Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la me."
Le ƒe sia me la, èle ŋgɔgbe yi ge, àɖe zɔ le wò agbe me le
mɔ si nu medzɔ kpɔ o la, aleke kee nudzɔdzɔwo siwo ƒoxlã wò
ɖale hã. Mawu ƒe Gbɔgbɔ ade dziƒo na wò be nàɖe afɔ siwo
hiã, siwo ana be tsitsi, dzidziɖedzi kpakple nunyoname siwo
adze kple esiwo medzɔ kpɔ o la nava eme le Yesu ƒe Ŋkɔ me.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Mele ku nyuiwo tsem, mele ŋgɔgbe yim le nye agbe ƒe akpa
sia akpa me. Mede blibo le Kristo me, eye nye agbe ƒe akpa
sia akpa le blibo dem hena agbe nyuitɔ kekeake nɔnɔ. Gbɔgbɔ
la kplɔam hedea dziƒo nam be mawɔ nu siwo ana be makpɔ
ŋgɔgbeyiyi, dzidziɖedzi kpakple yayra siwo adze, siwo nu mayi
o la, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Lododowo 24:3-4 TLB; Psalmowo 1:1-3; Psalmowo 37:5

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 24:36-51 & 2 Mose 28

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 15:12-21 & Hiob 40-41 13
dzoda 5
GBLƆE LE AFI SIA AFI

Eye wògblɔ na wo bena: Miheyi ɖe xexe la me


katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na amewo
katã. [16] Amesi ke xɔe se, eye wode mawutsi
ta nɛ la, woaxɔe ɖe agbe; ke amesi ke mexɔe se
o la, wòabu fɔe (Marko 16:15-16).

L e Psalmowo 67:2 me la, David do gbe ɖa na Aƒetɔ


la atraɖii be, "...David ƒe didi si wòɖe gblɔ abe
byagblɔɖi enela va eme le Aƒetɔ la ƒe nya siwo míexlẽ le míaƒe
ŋgɔdokpukpuoa me." Ebia tso míasi be míayi xexea me godoo
ahaɖe gbeƒã Nya Nyui la na nuwɔwɔ ɖe sia ɖe; gblɔ Nya Nyui
lale afi sia afi.
Do vevie nu le afɔ siwo nèɖena le luʋɔ bubuwo gbɔ ɖoɖo
me, le nya siwo womegblɔ o tso Kristo kple Eƒe xɔxɔkpɔkpɔ
ɖe ɖoɖo mavɔ la gbɔgblɔ me na amegbetɔƒomea. Eya ɖeka dzi
koe amewo ate ŋu ato akpɔ xɔxɔ ava Mawu ƒe ha kple agbe ƒe
nuto me.
Va se ɖe esime amegbetɔ gbugbɔ dzi la, eƒe agbe anye
tofloko-gbe si me viɖe aɖeke mele o. Ke le Kristo Yesu me la,
ame sia ame si xɔ se la vawɔna ɖeka kple Mawu; egena ɖe agbe
si gbɔ anyigba sia dzi ŋu yi, agbe si me naneke alo xexe sia me
ƒe numanyomanyo aɖeke mexea mɔ na ame le o. Le afi ma la,
àvazu Mawu ƒe dzɔdzɔme ƒe gomekpɔla, nuvɔ̃, dɔléle kpakple
14
ewe
ku magaɖu dzi wò o, elabena nèxɔ Mawu-gbe la.
Gbedeasi siae Wòdi be míatsɔ ayi na xexea me katã. Gblɔe le
afi sia afi be Yesu va, henɔ agbe, heku, hetsi tsitre ale be Eƒe agbe
nasu míasi, eye míagazu agbe ma kakalawo. Gblɔ na dukɔawo
kple ƒukpo diditɔ kekeake be Eyama le agbe, eye agbe si Wòtsɔ
vɛ la li na ame sia ame: "eye agbe sia le Via me. Amesi si Vi la
le la, agbe le esi" (1 Yohanes 5:11-12).
Ŋusẽ neɖo ŋuwò le wò gbɔgbɔ me, eye dzodzro aɖe nenɔ
mèwò bena nàgblɔ na xexea me be Aƒetɔ Yesu tsɔ agbe kple
makumaku vɛ to Nya Nyui la dzi. Ame ɖe sia ɖe ƒomevi si
gbugbɔ dzi la xɔna agbe si le Eyama si la. Ŋutikɔkɔe nya; mina
mía gblɔe le afi sia afi. Heleluya!

GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, akpe na wò ɖe Nya Nyui la ƒe ŋutikɔkɔe kekeli si
klẽna ɖe nuvɔw ̃ ɔlawo ƒe dzi me le xexea me egbe, si trɔna wo
tso viviti me va kekeli me, tso Satana ƒe ŋusẽ gbɔ va Mawu
gbɔ, bena woazɔ le dzɔdzɔenyenye me ahakpɔ gome le woƒe
xɔxɔkpɔkpɔ le Kristo me la ƒe yayra blibowo me fũu ta, le Yesu
ƒe Ŋkɔ me. Amen.

2 Korintot4wo 5:18-20; Romat4wo 10:14-15

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Mateo 25:1-30 & 2 Mose 29-30

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


D4w4w4wo 15:22-31 & Hiob 42
biblia xexl8 le 5e eve me:
15
bla2a 6
WOƉƆLI WÒ NƆƑE

Eye mitsɔ dzidzɔ da akpe na Fofo amesi ɖe mí


tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe
lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe la me... (Kolosetɔwo 1:12-13).

L e xexea ƒe akpa aɖewo la, amewo dina be yewoazɔ mɔ,


ayi dukɔ alo du bubu si me wobu be mɔnukpɔkpɔwo
siwo ganyo wu la le. Esime nèxɔ Kristo abe wò agbe ƒe Aƒetɔ
la, woɖɔli wò nɔƒe eye nèva teƒe nyuitɔ kekeake si ŋutikɔkɔe
nyuitɔ le la: eyae nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Vi la ƒe Fiaɖuƒe me.
Gaxlẽ míaƒe ŋgɔdokpukpuia ake; egblɔ be, "Amesi ɖe mí
tso viviti ƒe ŋusẽ la me, eye wòtsɔ mí ɖo eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaduƒe
la me" (esia fia be Eɖɔli míaƒe nɔƒe hekplɔ mí va) Eƒe vi Lɔlɔã
ƒe Fiaɖuƒe me. Si fia be nèle Mawu ƒe Lɔlɔ̃ la ƒe Fiaɖuƒe me,
afi si nàkpɔ dzidzedze eye nu siwo katã nèhiã la asu asiwò le.
Afi mae nèle FIFIA - Eƒe Fiaɖuƒe me.
Ele be nenɔ tame na wò be nètso Fiaɖuƒe la me, eye nèle
Fiaɖuƒe la ƒe agbe nɔm. Le mɔ sia nu la, àkpɔ gome le Fiaɖuƒe
la ƒe yayrawo kple mɔnukpɔkpɔwo me. Le Fiaɖuƒe sia, si me
nèle me la, hiahiã alo manɔamesi aɖeke meli o; agbɔsɔsɔ koe li.
David gblɔ le Psalmowo 23:5 me be, "Nye kplu yɔ gba go..."
Esia nye agbɔsɔsɔ. Haleluya!
Gabu esia hã ŋu kpɔ: le wò mawume nɔƒe ɖɔliɖɔli me la,
woɖe wò tso viviti nuto me - va Mawu ƒe kekeli wɔnuku me: "Ke
16
ewe
miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe,
dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso
viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afi"
(1 Petro 2:9). Yayratɔe nye Mawu!
Satana alo viviti mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dziwò o; mèle woƒe
kpɔkplɔ te o. Èle Kristo me, le Eƒe ŋutikɔkɔe Fiaɖuƒe me, viviti
aɖeke kura mele Eyama me o (1 Yohanes 1:5).
Eya ta se vivĩ na wò nɔƒe le Kristo me nyuie. Se vivĩ na
dzɔdzɔenyenye, domenyinyi, dziɖuɖu, ŋutikɔkɔe kpakple dzidzɔ
ƒe agbe le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me. Esiae nye Fiaɖuƒe la si me
wokplɔ wò vɛ la ƒe agbe: "Elabena mawufiaɖuƒe la menye
nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple
dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye" (Romatɔwo 14:17).

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Dzidzɔam le Kristo me. Nyemele Satana ƒe ŋusẽ te o; wodzim ɖe
Mawu ƒe kekeli Fiaɖuƒe me, bena maɖe wò nuwɔna wɔnukuwo
fia, agaɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ƒe dɔnyuiwo kple blibodedewo
ɖe go. Haleluya!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Koloset4wo 1:12-13 AMPC; Efesot4wo 2:4-6;1 Petro 2:9
AMPC
ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:
Mateo 25:31-46 & 2 Mose 31
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 15:32-41 & Psalmowo 1-2 17
ku2a 7
SAFUI HENA GOMEKPƆKPƆ LE YAYRA
ƉE SIA ƉE ME
Gbe ma gbe la, miagabia nanekem o. Mele
egblɔm na mi le nyateƒe me be nu sia nu
si miabia Fofo la le nye ŋkɔ me la, ana mi
(Yohanes 16:23).

Ɖ e nènya be Yesu ƒe Ŋkɔ nye safui si nàzã atsɔ aʋu


yayra ɖe sia ɖe ƒe agboa? Ewu nu sia nu si ke ŋu àte
ŋu abu alo adi la. Bu nu si míexlẽ fifia le míaƒe ŋgɔdokpukpui
la me la ŋu vie. Egblɔ be, "....nu sia nu si miabia Fofo la le
nye ŋkɔ me la, ana mi."
Nu sia nu si nàbia alo adi la va eme le Kristo me; nu si ko
nèhiãe nye be nàɖee gblɔ be wonye tɔwò le Eƒe Ŋkɔ me. Gblɔ
edzi edzi be, "Menye Mawu ƒe domenyila eye meganyi dome
kple Kristo, mekpɔ gome le ame kɔkɔewo ƒe domenyinu me;
nuwo katã nye tɔnye le Yesu ƒe Ŋkɔ me! Nenye be nègblɔ nya
ma tɔgbuiwo la, dzɔdzɔme atɔ na wò. Ŋutikɔkɔe na Mawu!
Le manyamanya kuɖe dɔ siwo Yesu wɔ xoxo ta la, ame
geɖewo gaɖea kuku nɛ be Wòayra yewo, ayɔ dɔ yewo, aɖe yewò,
kple bubuawo. Nenye be wote ɖe Eyama ŋu hele kuku ɖem la,
ehea dzidzeme aɖe ƒomevi vɛ na wo. Ao! Mawu medi esia o;
menye le nu siwo Yesu wɔ na wò megbe to Eƒe vɔsã me o! Ekplɔ
wò de ɖekawɔwɔ me kple Mawu. To Eyama dzi la, kakaɖedzi le
asi wò eye mɔ ʋu na wò be nàva Fofo la gbɔ, eye nàgakpɔ gome
18
ewe
le dziƒo ƒe yayrawo katã me. Ŋutikɔkɔe na Mawu!

GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, meda akpe na wò ɖe ŋusẽ si le Yesu ƒe Ŋkɔ me, si
dzi metona nɔa agbe le dziƒo ƒe nyonyo, dziɖuɖuwo kpakple
yayrawo me ta. Le Eƒe Ŋkɔ me la, mele zɔɖem le ŋutikɔkɔe
domenyinu kple Mawu viwo ƒe ablɔɖe me. Haleluya!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Yohanes 16:23-24; 1 Korintot4wo 3:21

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 26:1-30 & 2 Mose 32-33

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 16:1-10 & Psalmowo 3-4 19
Dzesidenya

Dzesidenya

ewe
Dzesidenya

Dzesidenya
yawo2a 8

NUKA DIM NÈGALE?


Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ na nu siwo katã
míehiã le agbe me la mí faa, be míate ŋu anɔ
agbe asubɔe. Ewɔ esia elabe míedze si eya,
ame si yɔ mí be míava kpɔ gome le eya ŋutɔ
ƒe ŋutikɔkɔe kple nyonyo me la (2 Petro 1:3).

Ɖ e nède ŋugble be Mawu lolo wu nu sia nu si Wòwɔ


la kpɔa? Ẽ Elolo! Azɔ la, menye ɖeko Mawu sia ke
tsɔ nu sia nu na wò o, menye ɖeko wòtsɔ gbɔgbɔme yayrawo
KATÃ le dziƒo nutowo me le Kristo me tsɔ yra wòe o, Egana
wò Eya ŋutɔ. Naneke mate ŋu alolo wu esia o.
Esiae nye Kristo le mèwò ƒe gɔmeɖeɖe. Biblia gblɔ be,
"Ame siwo Mawu di be, yeana woanya nusi nye nya ɣaɣla sia ƒe
ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnyenye le trɔ̄subulawo dome, si nye Kristo
le mia me, ame si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ" (Kolosetɔwo
1:27). Kristo le mèwòe nye nu sia nu. Kristo ƒe anyinɔnɔ le
mèwòe nye Mawu ƒe anyinɔnɔ le mèwò. Haleluya!
Míaƒe teƒe le Eyama me kple míaƒe ɖekawɔwɔ kple Eyamae
nye be míezãa Eƒe Ŋkɔ, Eƒe Ŋkɔ le mía si, eye míele agbe le
Eƒe Ŋkɔ me. Ŋusẽ si ke le Eyama si kee le Eƒe Ŋkɔ me ha. Nu
sia nu si Wònye la le Eƒe Ŋkɔ me. Eye wotsɔ Ŋkɔ ma na wò.
Kristotɔ siwo mesena esia gɔme o lae dona gbe ɖa be, "O
Mawu! Meɖekuku kpe ɖe ŋunye kple esia alo ekemɛ." Mehiã

22
ewe
be woado gbe ɖa nenema o elabena Eyama tsɔ Eƒe Ŋkɔ na wò,
eye ènyi dome kple Eyama, si fia be wò kple Eyama tɔe xexea
me nye.
Abe ale si míexlẽe le míaƒe ŋgɔdokpukpuia me ene la,
Eyama tsɔ nu sia nu na wò. Luka 12:32 gblɔ be, "Eya ta migavɔ̃
o, mi alẽha sue sia, elabena edzɔ dzi na mia Fofo si le dziƒo la
ŋutɔ bena woatsɔ dziƒofiaɖuƒe la na mi"; eye Eyama wɔe! Etsɔ
Eƒe Fiaɖuƒe na wò. Eƒe naneke meli si mesu asiwò o; naneke
meli si metsɔ na wò o.
Etsɔ Eƒe agbe, Eƒe Ŋkɔ, Eƒe nunɔamesiwo katã na wò, eye
èbɔbɔ nɔ anyi kplii le dziƒo nutowo me. Nuka dim nègale? Wɔ
wò agbonyinyi ƒe nɔƒe ŋudɔ, eye nàɖu fia agakpɔ ŋusẽ ɖe nuwo
dzi kple Eyama. Amen.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Menye ame si Mawu gblɔ be menye la; nu sia nu si Wògblɔ be
wosu asinye la su asinye; eye mate ŋu awɔ nuwo katã le Eyama
ƒe Ŋkɔ me. Nuwo katã le bɔbɔe nam, elabena mexɔ edzi se. Nu
sia nu bɔ ɖe asi nye taŋ, menyi nuwo katã dome; elabe menye
hadomenyila kple Kristo! Woakafu Mawu!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Efesot4wo 1:3; 2 Korintot4wo 3:21-22; Koloset4wo 1:26-27

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 26:31-56 & 2 Mose 34-35

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 16:11-18 & Psalmowo 5-6 23
fi2a 9
YAYRAWO LE KRISTO ME
Woakafu Mawu, si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo
Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔme yayrawo katã le
dziƒonutowo me yra ɖe mía dzi le Kristo me
(Efesotɔwo 1:3).

Ɖ e nènya be mehiã be nàganɔ Mawu biam be neyra ye


ɖe edzi oa? Nya la gblɔ be Eyama tsɔ gbɔgbɔme yayra
siwo KATÃ le dziƒo nutowo me la yra ɖe mía dzi. Nunyoname
la, yayrae wònye. Dzidzɔ la, yayrae wònye. Ŋusẽla, yayrae
wònye. Dzidzedzekpɔkpɔ la, yayrae wònye. Esia kple geɖewo
nye tɔwò le Kristo Yesu me.
Biblia gblɔ be Mawu la, Gbɔgbɔe wònye; eyata ele be yayra
siwo katã le esi la nanye gbɔgbɔme yayrawo. Ŋutilãme xexeame
do tso gbɔgbɔme nuto me. Eyata esi Mawu gblɔ be wotsɔ
gbɔgbɔme yayrawo katã yra ɖe mía dzi la, efia be ŋutilãme yayra
ɖe sia ɖe si ŋu àte ŋu abu la nye tɔwò xoxo elabena gbɔgbɔme
yayrawo lolo wu ŋutilãme yayrawo; gblɔetɔ le gãtɔ me.
Eya ta nu sia nu si àbia Aƒetɔ la le nu si Eyama tsɔ yra ɖe
dziwò xoxo la me, elabena etsɔ gbɔgbɔme yayrawo katã yra ɖe
dziwò le dziƒonutowo me. Bu esia ŋu kpɔ! Yayra geɖe aɖeke
megale Mawu si o, negbe esiwo Wòtsɔ yra ɖe dziwò la. Nu sia
nu si le Eyama sie Wòtsɔ yra wò. Yayratɔe nye Mawu!

24
ewe
Ke nu si le veviee nye be ele be nànɔ Kristo me; yayrawo
le Kristo me, eye woli na ame siwo le Kristo me. Eye akpe na
Mawu be nèle Kristo me, elabe NU SIA NU le asiwò le Eyama
me - nu sia nu si ku ɖe agbe kple mawusosroɖa ŋu la le asi wò (2
Petro 1:3). Le Kristo me la, nuwo katã nye tɔwò (1 Korintotɔwo
3:21). Ŋutikɔkɔe ƒe agbe ƒe kakaɖedzi li na wò le Kristo me.
Haleluya!

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Mele Kristo me, afi si wotsɔ gbɔgbɔme yayrawo katã yram
le dziƒo nutowo me le. Amenuveve, nunya, nunyoname, ŋusẽ
kpakple dzideƒo siwo katã mehia hena nye ŋutikɔkɔe taɖodzinu
le Kristo me wɔwɔ la le menye. Nu sia nu si mehiã hena agbe
kple mawusosroɖa la su asinye; eya ta mele zɔzɔm le Nya Nyui
la ƒe yayrawo me le blibonyenye me egbe kple ɖaa, le Yesu ƒe
Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Galatiat4wo 3:29 MSG; 2 Petro 1:3; 1 Korintot4wo 3:21

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 26:57-75 & 2 Mose 36-37

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 16:19-28 & Psalmowo 7-8 25
memle2a 10
DA WÒ SUSU ƉE NYA LA DZI EYE NÀDE
ŊUGBLE LE EŊU
Ke woɖe motsyɔnu la ɖa le mo na mí katã, eye
míele Aƒetɔ la ƒe ŋutikɔkɔe kpɔm abe ahũhɔ̃e
[Mawu ƒe Nya] me wòle ene. Wole mía trɔm ɖe
eƒe nɔnɔme me, eye míaƒe ŋutikɔkɔe le dzidzim
ɖe edzi. Aƒetɔ si nye Gbɔgbɔ lae le esia wɔm
(2 Korintotɔwo 3:18 AMPC).

M ègana fukpekpe siwo me nètona la naxe mɔ na wò o.


Agbeme nudzɔdzɔ aɖeke meli si woɖo be wòagblẽ nu
le ŋuwò o. Nenye be nuwo dze abe ɖe wosesẽ eye xaxa dze le go
sia go me hã la, dzi megaɖe le ƒo wò o. Mègakpɔ nudzɔdzɔwo
o; kpɔ Nya la. Da wò susu ɖe Nya la dzi eye nànɔ ŋugble dem
le eŋu.
2 Korintotɔwo 4:17-18 gblɔ be, "Esia tae ɖeɖi metea míaŋu
o eye míana ta o. Togbɔ be míaƒe ŋutilãwo le gbɔdzɔgbɔdzɔm
hã la, ŋusẽ si tso Aƒetɔ la gbɔ eye wòle mía me la, le tsitsim ɖe
edzi gbe sia gbe. Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam
fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie. Eye le esia teƒe la, Mawu ana
eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe geɖe mí ɖaa tso mavɔ me yi mavɔ
me. Susu sia tae míetsɔa nu siwo kpɔm míele fifia la dea tame
o. Ke boŋ míetsɔa míaƒe susuwo gblẽna ɖe nu siwo le Aƒetɔ la
gbɔ, siwo ke míekpɔ haɖe o la dzi. Elabena fukpekpewo katã
nu ava yi kpuie, ke dzidzɔ si gbɔna tso Aƒetɔ gbɔ la anɔ anyi
tegbee."
Ɖo ŋku nu si míexlẽ le míaƒe ŋgɔdokpukpuia me dzi; le
26
ewe
esime nèle Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kpɔm le ahuhɔẽ , si nye Mawu ƒe
Nya me la, àtrɔ! Àtrɔ tso ŋutikɔkɔe ƒe ɖoƒe ɖeka ayi ɖe bubu me.
Zi geɖe ale si nèle Mawu ƒe Nya me kpɔm, hele ŋugble dem le
eŋu la, nenemae ŋutikɔkɔe anɔ dzidzim ɖe edzi le wò agbe mee.
Ɖeko àva de dzesi enumake be agbeme nudzɔdzɔwo nye vɔvɔli
ko; womenye nu vavãwo o eyata mele be woawɔ dɔ ɖe dziwò o.
Eya ta nu si wò numetotowo nye va yi la meɖi naneke o;
ènye dziɖula tegbee elabena Ame si nye gãtɔ la le mèwò. Biblia
gblɔ be, "Kristo le mia me, ame si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ"
(Kolosetɔwo 1:27). Esia fia be ŋutikɔkɔe le wò agbe me, eye enye
ŋutikɔkɔe mavɔ si dzina ɖe edzi nenye be nèle ŋugble dem le
Mawu ƒe nyateƒewo ŋu; kuɖe ame si nènye kpl wò domenyinu
le Eyama me.
Wòenye dzidzedzekpɔla. Èle agbe nɔm le nunyoname,
lãmesẽ, ŋutifafa kpakple dedienɔnɔ me. Etsɔ nukunu 'gbe si
me ànɔ ŋgɔgbe yim aganɔ dzidzim ɖe edzi le gãnyenye me la
na wò, bena nàɖe Eƒe ŋutikɔkɔe Fiaɖuƒe la ƒe ŋutikɔkɔe kple
dzɔdzɔenyenye ɖe go. Haleluya!
XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Medaa nye susu ɖe Kristo kple Eƒe Nya mavɔ dzi; eyata mele
zɔzɔm le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe me gbe sia gbe, hele eɖem fia
le afi sia afi. Nya la le godzem le menye, hegale dzedzem to
dzinye bliboe. Menye dzidzedzekpɔla. Mele agbe hena Mawu
ƒe ŋutikɔkɔe elabena nye susu le Mawu ƒe Nya ŋu!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
2 Korintot4wo 4:16-18 AMPC; Yesaya 26:3; Yosua 1:8

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 27:1-26 & 2 Mose 38-39

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 16:29-40 & Psalmowo 9-10 27
kwasi2a 11
NUWO KATÃ LE WÒ AFƆ TE

Medoa gbe ɖa be miase eƒe ŋusẽ gã triakɔ si


wona mí ame siwo xɔ edzi se la. Ŋusẽ triakɔ sia
le abe eƒe ŋusẽ gã la ƒe dɔwɔwɔ ene. Ŋusẽ triakɔ
siae fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome,
eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime
le dziƒo. Teƒe si kɔ sasasã wu dziɖulawo tɔ kple
ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe tɔ,
kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia
me kple xexe si gbɔna la me. Mawu tsɔ nuwo
katã de eƒe afɔ te, eye wòtsɔ tatɔnyenye sia nɛ
bena wòaɖe vi na hame la (Efesotɔwo 1:19-22).

W oda Aƒetɔ Yesu ɖe teƒe si kɔ wu sasasã wu "dziɖulawo


tɔ kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe
tɔ, kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe
si gbɔna la me." Esia nye nukunu loo! Eye le nuwuwu 'kpa dzi
la, egblɔ be Mawu da nuwo katã ɖe Yesu ƒe afɔ te, bena wòaɖe
vi na Hame la.
Naneke meli si Mawu metsɔ de Yesu ƒe afɔ te o. Mewɔ
nuku be Biblia gblɔ be, naneke medo le Eƒe dziɖuɖu te o. Ame
Ɖeka toŋ ko si ŋusẽ le ɖe nuwo katã dzi le dziƒo kple anyigba;
Eɖua nu sia nu dzi. Eƒe Ŋkɔe nye Yesu.
Message Biblia ɖe egɔme me be, "...le xexeame katã
kpɔkplɔ nu, nu sia nu tso ɣletivihatsotsowo dzi vaɖo dziɖuɖuwo
dzi, ŋkɔ aɖeke medo le eƒe ŋusẽ kple dziɖuɖu te o. Eye menye
le ɣeyiyi sia me ko o, ke tegbee tegbee. Ekpɔ ŋusẽ ɖe wo katã
28
ewe
dzi, Eƒe nyae nye nya mamlɛ ɖe nu sia nu dzi..." (Efesotɔwo
1:21). Esi wogblɔ be "nu sia nu" la, elɔ dukɔwo katã, dɔlélewo
katã, kpakple ŋkɔ ɖe sia ɖe si woate ŋu ayɔ - menye le xexe sia
me ko o, ke boŋ le esi gbɔna hã me.
Azɔ la, Kristo kpɔ ŋusẽ ɖe nu sia nu dzi bena wòaɖe vi na
Hame la. Aƒetɔ Yesue nye Ŋutilã la, si nye Hame la ƒe ta. Esia
fia be nuwo katã le Hame la ƒe afɔ te. Èkpɔ nu si ta wòle be nànɔ
agbe abe dziɖula ene le wò agbe me gbe si gbea?
Nuwo katã le wò afɔ te, esia lɔ Satana kple eƒe viviti
dziɖulawo ɖe eme. Ku, dzomavɔ, xexeame, nudzɔdzɔwo,
nu gbagbewo kple nu siwo menye nugbagbewo o katã le wò
ŋusẽ te. Kristo ƒe ŋusẽ, dziɖuɖu kpakple dziɖuŋusẽ li hena wò
viɖekpɔkpɔ ta. Èle fia ɖum to Eyama dzi eye àte ŋu awɔ nu sia
nu le Eyama ƒe Ŋkɔ me.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Nuwo katã le nye afɔ te; esia lɔ Satana kple eƒe vivitime
dziɖulawo ɖe eme. Wobɔbɔ ku, dzomavɔ, xexea me, nudzɔdzɔwo
- nu gbagbewo kple nu siwo menye nu gbagbewo o - ɖe anyime
le nye ŋkume elabena mele agbe le Kristo ƒe ŋusẽ me. Nye
viɖekpɔkpɔ tae Eƒe ŋusẽ li ɖo; mele fia ɖum to Eyama me eye
mate ŋu awɔ nuwo katã le Eƒe Ŋkɔ me. Haleluya!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Luka 10:19 AMPC; Efesot4wo 2:4-6 NKJV

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 27:27-44 & 2 Mose 40

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 17:1-9 & Psalmowo 11-13 29
dzoda 12
NU KAE WOƉE FIA LE MÈWÒ?
Ame siwo Mawu ɖi be, yeana woanya nusi nye
nya ɣaɣla sia ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnyenye le
trɔ̃subɔlawo dome, si nye Kristo le mia me, ame
si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ (Kolosetɔwo 1:27).

A be nuwɔwɔ yeye le Kristo me la, dzɔdzɔme ɖeka


koe le asi wò - Kristo ƒe dzɔdzɔme. Wò gbɔgbɔ si
wogbugbɔ wɔ la, ɖe wowɔe le Kristo ƒe nɔnɔme kple dzedze
me. Eyata le nu sia nu si nàwɔ me, kple ɣeawo katã ɣi la, ɖe wò
Kristo-dzɔdzɔme la fia.
Nenye be èƒo nu la, na amewo naɖo to Kristo. Na be Eƒe
lɔlɔ̃ nado tso wò nyawo kple nuwɔnawo me. Na be Eƒe nunya
kple dzɔdzɔenyenye naxɔ ame siwo ɖoa to wò la ƒe dziwo me le
esime nèle amenuvenyawo kple nya siwo doa ame ɖe dzi ɖeɖe
ko gblɔm; na Eyama neƒo nu to dziwò. Na Eyama nekpɔ nu to
wò ŋkuwo dzi. Na Eyama newɔ dɔ to wò asiwo dzi.
Kristotɔnyenye ƒe vãnyenye akuakuae nye Kristo ƒe
mèwònɔnɔ, Eyama ɖeɖefia le mèwò kple to dzi wò. Kristotɔe
nye ame si ɖena Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye fiana, heɖena Kristo
ƒe agbe, nɔnɔme, kpakple Eƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go.
Le kpɔɖeŋu me nenye be amewo da vo ɖe ŋuwò la, nukae
nèɖena fiana? Ele be nàɖe mɔ na Kristo be wòadze go to dziwò.
Nenye be nèle wò gbɔgbɔme tsitsi dom kpɔ la, nu siwo ŋu wòle
30
ewe
be nàlé ŋku ɖo dometɔ ɖekae nye ale si gbegbe wò nuwɔnawo
kple wò nɔnɔme ɖena Kristo ƒe dzɔdzɔnyenye alo Eƒe nɔnɔme
fianae.

GBEDODOƉA
Aƒetɔ Lɔlɔ̃t ɔ, akpe na wò be nèyram eye nètsɔ wò lɔlɔ̃,
dzɔdzɔenyenye kple le nyateƒe me la, ɖokuiwò yɔm taŋ.
Mefaa tu, megbɔa dzi ɖi, menye ŋutifafa me, melɔ̃a ame
heganyoa dɔme na ame. Meɖea wò nunya, amenuveve,
ŋutikɔkɔe, atsyɔɖ
̃ oɖo kpakple lɔlɔ̃ ɖe go ɣesiaɣi. Kristo le menye,
eye ale si Eyama le la, nenemae nye hã mele le xexe sia me, le
Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Lododowo 25:28 GNB; Galatiat4wo 3:27; Efesot4wo 4:22-24

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 27:45-66 & 3 Mose 1-3

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 17:10-21 & Psalmowo 14-16 31
bla2a 13
NYA LA LE ŊUTILÃ ME
Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia
dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si
wodzi tso Fofoa gbɔ la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye
amenuveve kple nyateƒe yɔe fũu (Yohanes 1:14).

M íaƒe ŋgɔdokpukpuia le nuƒom tso Yesu, Nya si vazu


ŋutilã la ŋu; wokpɔ Eƒe ŋutikɔkɔe esime Wònɔ
ablɔwo dzi zɔm va se ɖe esime wowui. Ke Mawu fɔe ɖe tsitre
heɖee fia kple kpeɖodzi sẽŋu geɖewo le gaglãgbe be Eyama le
agbe. Fifia, Ele mèwò. Woakafu Mawu!
Wonɔ Nya la lalam, henɔ mɔkpɔm na Eƒe ŋutikɔkɔe si ŋu
nyagblɔɖilawo nɔ nuƒom tsoe, ke Nya la va, ɖetugbui si menya
ŋutsu o la dzii eye wònɔ anyigba sia dzi, ke ame geɖe medze si
Eyama o. Ebia Eƒe nufialawo be, "Ame kae amewo gblɔna be
Amegbetɔ Vi la nye?"
Nublanuitɔe la, womedze sii o. Ke Petro xɔ ɖeɖefia eye
wòƒo nu gblɔ be, "Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi"
(Mateo 16:16).Yohanes yɔe be, "Nya la vazu ŋutilã"; Eƒo nu
na mí tso afi si tututu amegbetɔ do tso la, si nye Kristo Yesu ŋu
- Eyae nye Nya si nɔ anyi do ŋgɔ na nuwɔwɔwo katã eye eya
dzie woto hewɔ nuwo katã (Yohanes 1:1-3).
Enye nukunu sɔŋ esi wokpɔ ɖetugbui si menya ŋutsu o la dzi
Mawu ƒe Nya mavɔ la eye woxatsa avɔ ɖe eŋu, wòvatsi hezɔ le
amegbetɔwo dome! Mewɔ nuku be woyɔe be "Imanuel" (Mawu
32
ewe
li kpli mí) (Mateo 1:13) o. Esi wodzii la, enye "Imanuel" , ke
egbe la, Evazu Nya la si le agbe le mèwò.
Afɔ ɖe sia ɖe si Yesu ɖe la nye Mawu ƒe Nya ƒe afɔɖeɖe.
Eyama nye Nya la si vazu amegbetɔ. Eye gbe si gbe nèxɔ Eyama
be neva nɔ mèwò la, wò hã nèva zu Nya la le ŋutilã me, le esime
Mawu ƒe Nya ɖeka ma ke dzi wò: "Elabena wogbugbɔ mi dzi,
menye tso dzidzi gbegblẽ me o, ke boŋ tso dzidzi magblẽmagblẽ
me heto Mawu ƒe nya gbagbe, si nɔa anyi tegbetegbe la me"
(1 Petro 1:23).
Eya ta abe Yesu ene la, wòe nye Nya la si le afɔ ɖem, elabe
ale si Eyama le la, nenemakee míawo hã míele le xexe sia me (1
Yohanes 4:17). Azɔ la, ese nu si ta woyɔ mí be Kristo ƒe Agbalẽ
(Nya) (2 Korintotɔwo 3:1-3) la gɔme. Wòe nye Nya la le ŋutilã
me. Haleluya!

GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, meda akpe na wò ɖe agbe tɔxe si mexɔ esi mexɔ Nya
la dzi se hexɔe de eme ta. Azɔ la, menye Nya la ƒe emetsonu;
Kristo Yesu, Nya si le agbe la, le menye hegale agbe to dzinye!
Nye agbe le wò lɔlɔn ̃ u, wò susuwo, kpakple wò nuɖoɖowo ɖem
fia. Yayratɔe nye Mawu!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Yohanes 1:14 AMPC; 2 Korintot4wo 3:1-3; Yakobo 1:8

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Mateo 28 & 3 Mose 4-5

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 17:22-34 & Psalmowo 17-18 33
ku2a 14
ƉE MƆ NA NYA LA KPLE GBƆGBƆ LA
BE WOAKPLƆ WÒ
Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la,
enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na
amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe
ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena
dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ (2 Timoteo 3:16-17).

A me geɖewo dina be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nakplɔ wo le


woƒe agbe me, ke womenya ale si woaɖe asi le wo
ɖokuiwo ŋu na Eyama o. Ɖe míeɖea asi le mía ɖokuiwo ŋu to
ta bɔbɔ me kple klodzedze ɖe Eyama ŋkume mea? Àte ŋu ade
bubu eŋu ade ta gɔmu nɛ le ŋutilã me, ke esia mana wò mɔfiame
kple kpɔkplɔ si nèdi la o.
Le asiɖeɖe le ɖokuiwò ŋu na Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me la, ele
be nàɖe mɔ na Eƒe Nya be wòaɖu dzi wò. Ele be nàwɔ nu si
wògblɔ be nàwɔ la, aɖe mɔ na Mawu ƒe Nya la be wòanɔ agbe
to dziwò. Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae ŋlɔ Ŋɔŋlɔawo, eye mɔ si koŋ dzi
Wòtona kplɔa wòe nye to Nya la dzi.
Mawu gblɔ be, "Woatsrɔ̃ nye dukɔ, le esi sidzedze mele esi
o ta" (Hosea 4:6). Ke Eɖo ŋku edzi na wò be nà "Do vevie be,
natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã
be, ŋu nakpee o, kpakple amesi maa nyateƒenya la me pɛpɛpɛ
ene" (2 Timoteo 2:15).
Le esime nèle Nya la srɔm
̃ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpɔkplɔ
34
ewe
le wò agbe me adzi ɖe edzi, elabena àde dzesi Eƒe gbe. Mawu
ƒe Nya kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖi aɖase le Yesu ŋu be enye Agbe
Nya la. Egblɔ be, "Miedzro mawunya la me tsitotsito...mawunya
siae ɖi ɖase le ŋutinye" (Yohanes 5:39).
Egagblɔ be, "Ne Nyaxɔɖeakɔla la, ame si madɔ ɖo ɖe mi
tso Fofo la gbɔ, nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ si tso Fofo la gbɔ va la, aɖi
ɖase tso ŋutinye" (Yohanes 15:26). Zi geɖe ale si nèɖe mɔ na
Nya la be wòaxɔ aƒe ɖe wò susu me, aɖu nu siwo nèɖo be yeawɔ
dzi eye be wòagawɔ dɔ ɖe ale si nekpɔa nuwo le agbe me dzii
la, nenema gbegbee Gbɔgbɔ Kɔkɔe la akpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi,
agakplɔ wò tso dziɖuɖu me ayi dziɖuɖu mee. Fifia gɔ hã la, ɖe
gblɔ be Mawu ƒe Nya kpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dzi, ale be wòakplɔ
wò, aɖu dzi wò agafia mɔ wò le nu sia nu si nèwɔna la me.

GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, meda akpe na wò ɖe ememe nuxlɔã me si mexɔna
gbe sia gbe tso wò Gbɔgbɔ gbɔ nenye be mesrɔ̃ wò Nya ta. Meʋu
nye gbɔgbɔ ale be maxɔ wò mawume 'mekpɔkplɔ ɣesiaɣi, ale
be madze si wò susuwo, ɖoɖowo kpakple taɖodzinuwo na nye
agbe bliboe, agazɔ le wo me, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Yohanes 10:27; Romat4wo 8:14

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 1:1-20 & 3 Mose 6-7

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 18:1-11 & Psalmowo 19-20 35
Dzesidenya

Dzesidenya

ewe
Dzesidenya

Dzesidenya
yawo2a 15
ZƆ ƉE EƑE NUXLƆ̃AME DZI EYE ÀƉU
DZI ƔESIAƔI
Tso afi ma la, woyi Frigia kple Galatia nuto me,
elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la meɖe mɔ na wo be
woayi Asianyigba dzi le ɣeyiɣi sia me o. Woto
Misia liƒo dzi heyina Bitinia lɔƒo. Ke Yesu ƒe
gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo, eya ta womete ŋu yi
Bitinia o (Dɔwɔwɔwo 16:6-7).

P aulo kple eƒe hatiwo ɖoe be yewoayi nuto aɖewo


me aɖagblɔ Nya Nyui la, ke Gbɔgbɔ Kɔkɔe la xe mɔ
na wo be womegayi le ɣeyiɣi ma me o. Ale ke wowɔ nya be
Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae medi be yewoayi o? Wodze si Eyama hetsɔ
wo ɖokuiwo dɛ Eƒe kpɔkplɔ te alegbegbe be wodze si Eƒe gbe.
Ɖe esia ta la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la na mɔfiame wo hede se na wò
be woayi Makedonia boŋ avagblɔ mawunya (Dɔwɔwɔwo 16:8-
9). Haleluya!
Gbe aɖe le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la si, eye Eƒoa nu na wò tso Nya
la me. Ɣesiaɣi si Wòƒoa nu la, Egblɔna nunya, elabe Mawu ƒe
Nyae nye Mawu ƒe nunya! Esia tae wòle vevie ŋutɔ be nàsrɔ̃
Mawu ƒe Nya agadze sii. Megblɔa Nya aɖeke le Nya la godo o.
Nu sia nu si wòagblɔ na wò la nɔna kasɔsɔ me kple Nyaŋlɔɖi la
hegasɔna kple ɖoɖo si Mawu wɔ ɖi ɖe wò agbe ŋu.
Yohanes 16:13 gblɔ be, "Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe si nye
Nyateƒegbɔgbɔ la va la, ana miase nyateƒe ɖe sia ɖe gɔme.
Magblɔ nya si dze eya ŋutɔ ŋu la o, ke boŋ agblɔ nya siwo wòse
38
ewe
la ko, eye wòagblɔ nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la na mi." Nenye
be nèdze si Nya la la, ànya ɣesiaɣi si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu na
wò, elabena Eɖia ɖase le Ŋɔŋlɔawo ŋu.
Nenye be Egblɔ na wò be nàwɔ nane la, mègabia biabia kuɖe
eŋu o. Màte ŋu akplɔ Eƒe mɔfiame ɖo ahada ƒu o. Akplɔ wò
agafia mɔ wò tso dzidzedze yi dzidzedze me, kple tso ŋutikɔkɔe
yi ŋutikɔkɔe me.

GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, meda akpe na wò ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe si vale menye,
hekplɔam le wò lɔlɔn ̃ u deblibotɔ me la ta. Nye agbe nye nukunu
ƒe tsitsatsa si tsana ɖaa la ƒe agbe elabena metsɔ ɖokuinye nɛ be
Wòakplɔm agaƒo nu nam le ememe, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Romat4wo 8:26-27; Yesaya 30:21; Yohanes 14:16 AMPC

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 1:21-45 & 3 Mose 8

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 18:12-23 & Psalmowo 21-22 39
fi2a 16
SUSUMENUKPƆKPƆ ƉAƉE TO NYA LA
ME
Na segbalẽ sia me nyawo nanɔ nuwò ɖaa. Bu
wo ŋu zã kple keli ale be woate ŋu akpe ɖe
ŋuwò nàɖɔ ŋu ɖo, eye nànɔ agbe ɖe nu siwo
katã le eme la nu, elabe eya ko hafi wò mɔ
me akɔ, eye nu sia nu adze edzi na wò nyuie
(Yosua 1:8).

L e 1 Timoteo 4:15 me la, Paulo gblɔ na Timoteo be,


"Bu tame le nu siawo ŋuti.Tsɔ ɖokuiwò de nu siawo
bliboe; ale be wò ŋgɔyiyi nadze ƒãa amewo nakpɔ." Nenye be
nèsrɔm̃ íaƒe ŋgɔdokpukpuia le Helagbe me Septuaginte me la,
le nyateƒe me la, egblɔ be, menye ɖeko nuwo adze edzi na wò
nyuie tso ŋugbledede le Nya la ŋu me o, wò nukpɔkpɔsusu hã
agaɖa alegbegbe. Helanya lae nye "suniami" eye egɔmee nye be
àvadze nunya alo akpɔ nuwo le susume, wò susumenunya aɖo
teƒe kɔkɔ aɖe. Àvade dzesii be ènya nuwo pɛpɛpɛ eye wò susu ɖa.
Esia na meɖo ŋku nu si Biblia gblɔ le Psalmowo 119:98-
99 me be, "Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo
katã, elabena wole gbɔnye ɖaa. Gɔmesese su asinye wu nye
nufialawo katã, elabena medea ŋugble le wò ɖaseɖiɖiwo ŋu.
Mesea nu gɔme awu ame tsitsiwo, elabena mewɔa wò sewo
dzi." Ele nuƒom tso Mawu ƒe Nya ŋu.
Àgblɔ be, ""Wò sededewo wɔm nunyalae wu nye futɔwo
katã... Esia avazu xɔsenya si anɔ gbɔgblɔm. Mawu ƒe Nya la
naa wò susumenukpɔkpɔ, nunya kpakple ŋutete be nàfɔ susuwo

40
ewe
kple tameɖoɖowo akpe. Lé ŋku ɖe kpukpui la ƒe nuwuwu ŋu:
"Gɔmesese su asinye wu nye nufialawo katã, elabena medea
ŋugble le wò ɖaseɖiɖiwo ŋu."
Mawu ƒe ɖaseɖiɖi woe nye Mawu ƒe nyagbɔgblɔwo; nya
siwo wògblɔ tso Eɖokui ŋu, esiwo Wògblɔ tso mía ŋu, tso Eƒe
Fiaɖuƒe ŋu, kple bubuawo - esiawo nye Eƒe ɖaseɖiɖiwo, eye
ɖe ale si nèdea ŋugble le Eƒe ɖaseɖiɖiwo ŋu ta la, nunya su asi
wò wu wò nufialawo. Ŋutikɔkɔe na Mawu.
Le kpukpui 100 lia me la, egblɔ be, "Mesea nu gɔme awu
ame tsitsiwo, elabena mewɔa wò sewo dzi." Esia nye nu siwo
Mawu ƒe Nya awɔ le wò agbe me dometɔ ɖeka, nenye be Ètsɔ wò
susu ɖo eŋu. Le wò kadodo kple amewo me, le wò asitsadɔwo,
wò ganyawo me la, ànye nunyala; mawume 'ɖaŋudzedze anɔ
asi wò.
Esia fia be màte ŋu ada ƒu le wò agbe me o, elabena Mawu
ƒe Gbɔgbɔ tona Nya la dzi henaa be wò susu kekena hena nu
geɖe nyanya le mɔ tɔxe aɖe nu. Woakafu Mawu.

GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, meda akpe na wò ɖe wò Nya si naa nunyam be
mawɔ nuwo woade blibo le agbe me ta. To Nya la dzi la, susu
si keke, hegasena nuwo gɔme le mɔ tɔxe nu la ɖo asinye. Menye
ame si ƒe susumenukpɔkpɔ ɖa eye medzea aɖaŋu. Ɖe esia ta
la, mele ŋgɔgbe yim, tso ŋutikɔkɔe yi ŋutikɔkɔe me, le Yesu ƒe
Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
2 Timoteo 3:15; 1 Timoteo 4:15; Yosua 1:8 AMPC

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 2:1-22 & 3 Mose 9-10
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 18:24-19:1-7 & Psalmowo 23-24 41
memle2a 17
NA WÒ SUSU NENƆ AGBE SI KPLƆ ESIA
ƉO LA ŊU
Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye;
elabena dziƒo gbãtɔ kple anyigba gbãtɔ la nu
va yi, eye atsiaƒu megali o (Nyaɖeɖefia 21:1).

L e Nyaɖeɖefia 21 me la, Apostolo Yohanes ƒo nu na mí


tso dziƒo yeye kple anyigba yeye ŋu. Eɖɔ du kɔkɔe,
Yerusalem Yeye la na mí be: "Eye nye Yohanes, mekpɔ du kɔkɔe
la, si nye Yerusalem Yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ,
si wodzra ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene. Eye
mese gbe gãa ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe
agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo
hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye
wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le
woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple
avifafa kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu xoxowo
nu va yi" (Nyaɖeɖefia 21:2-4).
Kpukpui 18-19 gaɖɔ du la ƒe atsyɔ̃ɖoɖo na mí; tsɔ wò susu
kpɔ du aɖe si wowɔ kple sika dzadzɛ ƒe ahuhɔẽ ! "Eye nusi wotsɔ
ɖo glia la, enye yaspis-kpe, eye du la nye sika dzadzɛ hele abe
ahũhɔ̃e dzadzɛ ene. Eye wotsɔ kpe xɔasi bubu ƒomeviwo katã
wɔ leke na dua ƒe gli la ƒe gɔmeɖoɖoawo..."
Kpukpui 23 lia va se ɖe 25 lia gayi edzi gblɔ be, "Eye dua
mehiãna ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ ɖe eme o; elabena Mawu ƒe
42
ewe
ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi. Eye womatu
eƒe agbowo le ŋkeke me o; elabena zã mado le afima o." Teƒe
kae nye esi wòle be míanɔ mɔkpɔm na!
Mele be nàtsɔ wò susu ɖo xexe sia si wogbɔna tsɔtsrɔ̃ ge
la ŋu o. Ke boŋ na wò dzodzro vevie nenɔ Kristo kple Eƒe
dzɔdzɔenyenye ƒe kaka le xexea me godoo ŋu, le esime míele
Eƒe gbɔgbɔ va lalam.
Ɖo ŋku Eƒe nyawo dzi be, "Elabena viɖe ka wòanye na
ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?"
(Marko 8:26). Xexe sia, si wogbɔna tsɔtsrɔg̃ e eye bubu axɔ eteƒe
la menye xexe si ta nàxa abu wò luʋɔ o; eyata nɔ wò agbe na
Aƒetɔ la.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Nye dzi ku ɖe Aƒetɔ la kple Eƒe Fiaɖuƒe mavɔ la ŋu, eye melɔ̃
Aƒetɔ la kple nye dzi blibo. Gbɔgbɔ la ƒe nuwo le vevie nam
ŋutɔ wu nu sia nu le xexe sia me. Lɔlɔ̃ si le asinye na Aƒetɔ la
naa be megblɔa Nya Nyui la nenye be mevo alo le ɣeyiɣi si me
nyemevo o me, le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me, le Yesu ƒe Ŋkɔ
me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Koloset4wo 3:1-4; 2 Petro 3:10-14

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 2:23-3:1-12 & 3 Mose 11-12
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 19:8-20 & Psalmowo 25-26 43
kwasi2a 18
NA WÒ SUSU NENƆ FIAƉUƑE LA ŊU
KPLIKPAA
Eƒe dziɖuɖu ƒe ta keke kple eƒe ŋutifafa la,
seɖoƒe manɔ anyi nɛ o, ɖe Dawid ƒe fiazikpui
dzi kple eƒe fiaɖuƒe dzi, ne wòaɖoe anyi aha li
kee le ʋɔnudɔdrɔ kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ me tso
fifia yiɖa se ɖe mavɔ me.Yehowa Aʋakɔwokplɔla
la ƒe ŋusẽ awɔ esia (Yesaya 9:7).

M íaƒe ŋgɔdokpukpuia mele nuƒom tso Aƒetɔ Yesu


Kristo, fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ ƒe
fiaɖuɖu kple dziɖuɖu tegbee ŋu o. Eyamae ŋue David hã ɖi ɖase
le, le Psalmowo 72:8 me esi wòƒo nu tso fia si avaɖu xexeame
dukɔwo dzi ŋu: "Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi
la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke."
Aƒetɔ Yesu nye ta na Mawu ƒe Fiaɖuƒe si me míele. Enye
gbɔgbɔme fiaɖuƒe si li vavã, eye nuwo le edzi yim le eme. Eya
ta na wò susu nenɔ Fiaɖuƒe la ŋu kplikpaa. Mègatsɔ wò susu
ɖo xexe sia ŋu abe ɖe nu sia nu atɔ ɖe afia sia ene o; xexe aɖe
li si lolo wu esia.
Kolosetɔwo 3:1-2 gblɔ be, "...midi nusiwo le dziƒo, afisi
Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe nuɖusi me. Mitsɔ miaƒe
tamesusuwo ɖo dziƒonuwo ŋu, menye anyigbadzinuwo ŋu o."
Míele ŋkeke mamlɛawo me; eya ta tsɔ wò susu ɖo Aƒetɔ la kple
Eƒe dɔ ŋu fifia wu tsã. 1 Korintotɔwo 15:58 gblɔ be, "...minɔ

44
ewe
te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ
me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro
le Aƒetɔ la me o ŋuti la."
Nɔ dzo dzi na Aƒetɔ la ɣesiaɣi; gblɔ Eƒe nyateƒe nenye be
nèvo kple nenye be mèvo o. Na wò susu nenɔ Eƒe Fiaɖuƒe dzi.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Mele agbe le gbɔgbɔme nuto me, eye naneke mele vevie nam
le ŋutilã xexe sia me o. Eye le nyateƒe me la, to Nya Nyui la
ƒe kaka mɔxenumanɔmee me la, míaƒe Fiaɖuƒe la le dukɔawo
dzi ɖum. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
1 Korintot4wo 15:58; Mateo 6:33; Koloset4wo 3:1-4

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 3:13-35 & 3 Mose 13-14
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 19:21-29 & Psalmowo 27-28 45
dzoda 19
FIAƉUƉE SI WƆA DƆ TO NYAWO
GBƆGBLƆ ME
Edze ƒaa bena Kristo ƒe agbalẽ mienye míexɔ
vɛ. Menye nuŋlɔtsie wotsɔ ŋlɔe o, ke Mawu
gbagbe la ƒe Gbɔgbɔe wotsɔ ŋlɔe; menye ɖe
nuŋlɔkpe dzi o, ke ɖe amegbetɔwo ƒe dziwo
dzie (2 Korintotɔwo 3:3).

N ane si le vevie ŋutɔ ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si me


wodzi wò ɖoe ŋue nye be enye fiaɖuƒe si wɔa dɔ to
nyawo gbɔgblɔ me. Eya ta nya siwo nègblɔna la le vevie ŋutɔ.
Ele be woasɔ kple Mawu ƒe Nya, eye esia ana be wò agbe, si
nye wò nyawo ƒe dzedzeme le gota la ade blibo agayɔ̃ fũu kple
ŋutikɔkɔe.
Woxlɔ̃ nu mí le Ŋɔŋlɔawo me be míayɔ taŋ kple Mawu ƒe
Nya ƒe sidzedze, elabena míaƒe nyawo woado tso agbɔsɔsɔ ma
me. Ɖo ŋku nya si Biblia gblɔ le Lododowo 6:2 me be, "Ne wò
nyawo de wò mɔ̃ me eye wò numenyawo lé wò bla la." Ame
geɖe le babla me, hele fukpem be woado tso xaxa aɖe alo bubu
si woawo ŋutɔ he ɖi to woƒe nyagbɔgblɔwo me.
Yesu gblɔ le Mateo 12:37 me be, "Elabena wò nyawo
woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawo woatsɔ abu fɔ wò." Le
Marko 11:23 me la, Egblɔ be, nya si nègblɔ lae ava eme na wò.
Ɖoe kplikpaa be yeagblɔ Mawu ƒe Nya; Do Fiaƒuƒe la ƒe gbe.

46
ewe
Èle Mawu ƒe Fiaɖuƒe fifia, eye enye Fiaɖuƒe si wɔa dɔ to
nyawo gbɔgblɔ me; enye Fiaɖuƒe si me míekpɔa ŋusẽ ɖe nuwo
dzi to míaƒe nya siwo dea blibo, heyɔna taŋ kple xɔse la me.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
To Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe kpekpeɖeŋu me kple ŋugbledede le
Nya la ŋu edzi edzi me la, meɖoe gblɔa nya siwo dea blibo,
hetua ame, hevea ame nu, heʋãa ame, hegadea dziƒo na ame la.
Mele nye nyawo zãm hele dzidzedzekpɔkpɔ, dziɖuɖu, mawume
lãmesẽ kpakple nunyoname hem doe tso ememe, hele Mawu
ƒe dzɔdzɔenyenye ɖom anyi ɖe nye xexe me, le Yesu ƒe Ŋkɔ
me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Marko 11:23; Luka 6:45; 1 Petro 3:10

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 4:1-20 & 3 Mose 15
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 19:30-41 & Psalmowo 29-30 47
bla2a 20

NA WÒ XƆSE NANƆ TE

Ke ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu


ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ
la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wonye teƒeɖola na
amesiwo dinɛ vevie la (Hebritɔwo 11:6).

X ɔse ƒe gɔmeɖose dzie nu sia nu si le Mawu ƒe Fiaɖuƒe


me la tona hewɔa dɔ. Eya ta wò xɔse tutuɖo le vevie
ŋutɔ. Le Hame la ƒe Tsɔtsɔ Dzoe Yi Yame hena Yesu Kpekpe
me hã la, àgahiã wò xɔse elabena menye ame sia amee ase kpẽ
la ƒe kuku o.
Biblia gblɔ be, "Kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku
mamlea me; elabena woaku kpẽ, eye woafɔ ame kukuwo ɖe
tsitre magblẽmagblẽ, eye míawo la woatrɔ miaƒe nɔnɔme" (1
Korintotɔwo 15:52). Kristotɔ siwo ku le Kristo me xoxo kple
esiwo gale agbe le ɣemaɣi me koe ase kpẽ la ƒe ɖiɖi.
Ame bubu ɖe sia ɖe masee o, elabena xɔse koe woate ŋu atsɔ
ase kpẽ la ƒe ɖiɖi. Ke manye nane si wòle be nàdze agbagba be
yease o, elabena abe Kristotɔ la, èle agbe nɔm to xɔse me xoxo.
Nu sia nu si ku ɖe wò agbe ŋu kple wò hadede kple Mawu la to
xɔse me; eya ta, àsee.
Biblia gblɔ be, "Le xɔse me wotsɔ Henox yii, bene magakpɔ
ku o, eye womegakpɔe o..." (Hebritɔwo 11:5). Wotsɔe dzoe to
xɔse me. Eya ta nenye be xɔse le asi wò le Yesu Kristo me la,
48
ewe
mele be nàtsi dzi ɖe naneke ta o; kakaɖedzi nenɔ asi wò be nenye
be kpẽ la ɖi la, àsee.
Ele be woatsɔ Kristotɔ ɖe sia ɖe adzoe. Esia fia be ame sia
ame si meyi o la menɔ xɔse 'gbe la nɔm heganɔ agbe na Aƒetɔ
la o. Na wò xɔse nanɔ te, eye nànɔ agbe na Aƒetɔ la gbe sia
gbe. Zɔ le lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye me. Na wò susu nenɔ ame
bubuwo dzadzraɖo na Hame la ƒe Tsɔtsɔ Dzoe kple wokpɔkplɔ
va Mawu ƒe Fiaɖuƒe la me ŋu.

GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, akpe na wò ɖe nye xɔse si le Yesu Kristo me, si
meʋãa o ta. Mele agbe nɔm le wò Nya ƒe nyateƒe me eye nye
xɔxɔkpɔkpɔ, dzodzro vevie le menye hena wò Fiaɖuƒe ƒe keke
le anyigb dzi kpakple dzɔdzɔenyenye ƒe fiaɖuɖu le amewo ƒe
dziwo me, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Hebrit4wo 11:5-6; 1 Tesalonikat4wo 4:16-17

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 4:21-41 & 3 Mose 16-18

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 20:1-12 & Psalmowo 31-32 49
ku2a 21
EVA MÍAGBƆ LE GBƆGBƆ LA ME

Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la,


magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena
afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima
(Yohanes 12:3).

A me geɖe gaʋlina bena yewoase nu si ŋu Aƒetɔ la nɔ


nuƒom tsoe le kpukpui sia me gɔme, esi Wògblɔ be,
"magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye." Ame aɖewo bui
be Enɔ nuƒom tso vava zi Evelia alo Tsɔtsɔ Dzo Yi Dziƒo ŋu,
ke menye esia gblɔm Wònɔ le kpukpui ma me o.
Nenye be nèdi be yease nu si ŋu Yesu nɔ nuƒom tsoe gɔme
la, ele be naxlẽ kpukpui siwo do ŋgɔ kple esiwo kplɔe ɖo ahase
gbedeasi la gɔme kple wò gbɔgbɔ, menye wò ŋutilãme nuwo o.
Nenye be nèxlẽ ta la katã la, àde dzesii be eyi nya la dzi va se ɖe
esime Wòɖo kpukpui wuiadelia dzi, afi si Wògblɔ be, "Eye nye
la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana akɔfala bubu mi, bena
wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me."
Nya "Akɔfala bubu" yae nye Helanya “Allos paraklētos,” si
gɔmee nye bubu si nye gbãtɔ la ƒomevi. Afi mae Yesu ɖe Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la fia le. Ale Egblɔ be, "...miawo la mienya eyama,
elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me" (Yohanes 14:17). Ale
kee Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wɔ nɔ wo me le ɣeyiɣi ma me? Menye ɖe
wòle be neva le Pentekoste ƒe Ŋkeke dzi oa?
Esia le nya aɖe gblɔm na mí. Menɔ nuƒom tso Gbɔgbɔ
Kɔkɔe la ɖeɖe ko ŋu o, Enɔ nuƒom tso Eya ŋutɔ ŋu! Le nya
50
ewe
ma medzodzro me memie ale be woase egɔme me la, Egbugbɔ
gblɔ nya si Wògblɔ le míaƒe ŋgɔdokpukpuia me be, "magava,
eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye..." Eye le kpukpui 18 lia me
la, Egblɔ be, "...nyemagblẽ mi ɖi abe tsyɔ̃eviwo ene o, matrɔ
ava mia gbɔ."
Le kpukpui 20 lia me la, Egblɔ be, "Gbe ma gbe la, mianya
be mele Fofo la me, eye miawo miele menye, eye nye hã mele
mia me." Ŋkeke ka ŋue Wònɔ nuƒom tsoe? Edze ƒãa be, Eyama
nɔ nuƒom tso gbe si gbe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava ŋu! Eya ta esi
Eyama gblɔ be, "matrɔ ava mia gbɔ la", Enɔ gbɔgblɔm be,
"Magbɔ va mia gbɔ le Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me!"
Eye akpe na Mawu! Le Pentekoste Ŋkeke la dzi la, Ewɔ
ɖe ŋugbedodo xɔasi ma dzi: "Eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ wo katã
taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ
la na wo, be woaƒo nui ene" (Dɔwɔwɔwo 2:4). Eyama le mèwò
egbe le Eƒe blibonyenye me. Woakafu Mawu!

GBEDODOƉA
Akpe na wò Fofo dziƒoʋĩitɔ ɖe Gbɔgbɔ la ƒe blibonyenye le
menye kple ale si nye agbe nye ŋutikɔkɔe kple blibonyenye
ƒe agbe, ɖe ale si nèle menye la ta. To Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi la,
nye xɔse seŋu eye nyɔnyɔ aɖe ɖo menye bena mawɔ Mawu ƒe
lɔlɔn
̃ u ahana be Mawu ƒe taɖodzinu na nye agbe nava eme, le
esime mele asi ɖem le ɖokuinye ŋu be nàfia mɔm agakplɔm, le
Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Yohanes 14:23; Yohanes 14:15-20

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 5:1-20 & 3 Mose 19-21

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 20:13-24 & Psalmowo 33-34 51
Dzesidenya

Dzesidenya

ewe
Dzesidenya

Dzesidenya
yawo2a 22
NƆ NYATEƑE ƑE AGBE EYE NANÀ
NYATEƑE LA NENƆ MÈWÒ
Eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ
mi ablɔɖeviwoe (Yohanes 8:32).

M awu ƒe Nyae wɔ mí, eye Eƒe Nyae nye nyateƒe; si


gɔmee nye be, nyateƒee wɔ mí. Esia tae nyateƒe wɔa
dɔ ɖe wò gbɔgbɔ dzi tegbee; ewɔa dɔ ɖe wò dzidzedzekpɔkpɔ,
dziɖuɖu, nunyoname, lãmesẽdzi le wò agbe me, elabena nyateƒee
nye wò dzɔtsoƒe. Esia ta aʋatsokaka, alakpanyawo atsrɔ̃ wò
amegbetɔ ƒe gbɔgbɔ.
Míaƒe ŋgɔdokpukpuia gblɔ be, "Eye miadze si nyateƒe
la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe," elabena Mawu wɔ
amegbetɔ be wòanɔ ablɔɖe me ahasu bɔe; womate ŋu ablae o,
elabena nyateƒee nye eƒe dzɔdzɔme vavãtɔ.
Hafi nègbugbɔ dzi la, ŋutete menɔ asi wò be nànɔ nyateƒe
la ƒe agbe eye nyateƒe la nenɔ mèwò o, elabena ènɔ nuvɔ̃ ƒe
ŋusẽ te. Ke azɔ la, Biblia gblɔ be, "Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe
mia dzi o..." (Romatɔwo 6:14).
Ŋutete le asi wò be nàɖe asi le alakpadada ŋu. Mehiã be
nafa avi alo abia Mawu gɔ hã be wòaɖee ɖa le mèwò o. Ɖeko
nàɖoe kplikpaa be yemada alakpa o. Biblia gblɔ be, "Ame sia
ame si le didim be, yeanɔ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la,
nekpɔ eƒe aɖe dzi ɖe vɔ̃ ŋu kple eƒe nuyiwo dzi, bene woagagblɔ
alakpanya o" (1 Petro 3:10 TLB).
54
ewe
Lododowo 6:16-19 ŋlɔ nu ade si Aƒetɔ la tsri eye wo dometɔ
ɖekae nye "ame si ɖua aʋatsoɖasefo." Nyateƒe le wò gbɔgbɔ
me, eye ɣesiaɣi si nànɔ agbe le nyateƒe me la, àɖu dzi, wò gbɔgbɔ
aklẽ. Nu sia nu si me tom ànya nɔ fifia la, nyateƒe ana be nàɖu
dzi, elabena nyateƒe la li tegbee: "Nyateƒenuyi alike tegbee;
ke alakpaɖe anɔ anyi aɖabaƒoƒo aɖe ko" (Lododowo 12:19).
Woakafu Mawu!

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Mawu ƒe Nya kplɔa nye susuwo, nuwɔnawo, nɔnɔme, hegatuna
nye agbe ɖo. Mekpɔ ŋusẽ ɖe nuvɔ̃ ɖe sia ɖe dzi. Mele agbe nɔm
le nyateƒe me, elabena nyateƒee nye nye dzɔdzɔme vavãtɔ. Ɖe
esia ta la, mele nudzɔdzɔ ɖe sia ɖe dzi ɖum, hele dzodam ɖe
edzi ɣesiaɣi le gbɔgbɔ me. Woakafu Mawu!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Efesot4wo 4:25 TLB; Koloset4wo 3:9 NLT;Zaxarya 8:16
GNB
ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:
Marko 5:21-43 & 3 Mose 22-23

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 20:25-38 & Psalmowo 35-36 55
fi2a 23
MAWUME NYATEƑEWO ƑE
AMEDƆDƆWO
Eye ɖe nye hã tanye, bena ne meke nu la,
woatsɔ nya nam, bene makpɔ dzideƒo ana
woanya nyanyuie la ƒe nya ɣaɣla, esi ŋuti
menye ame dɔdɔ le kɔsɔkɔsɔ me, bene dzi naɖo
ƒonye le eme, abe alesi wòdzem be, maƒo nu
ene (Efesotɔwo 6:19-20).

L e míaƒe ŋgɔdokpukpuia me la, Paulo yɔ eɖokui be yenye


Nya Nyui la ƒe amedɔdɔ. Ènya be esia nye nyateƒe
na mí katã? Míawoe nye mawume nyateƒewo ƒe amedɔdɔwo;
míenye dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖelawo. Wotsɔ Nya Nyui la
gbɔgblɔ de asi na wò le Mawu mía Aƒetɔ la ƒe se nu (Tito 1:2-3).
Ele be míagblɔ Nya Nyui la; ele be míagblɔ nya si womegblɔ
o, nemenye nenema o la, mɔnukpɔkpɔ manɔ wo si be woaxɔ
edzi se axakpɔ xɔxɔ o. Romatɔwo 10:13-14 gblɔ be, "Elabena
amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee. Azɔ aleke woayɔ
amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woa... se nya, ne
nyanyuie gbeƒãɖelaa ɖeke mele wo si o mahã?"
Esia tae wòle be nàgblɔ Nya Nyui la kple dzo gbe sia gbe
le afi sia afi. Apostolo Paulo tsɔe ɖe eɖokui dzi. Egblɔ be, "Le
Mawu yayratɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie, si wotsɔ de asi nam la
nu" (1 Timoteo 1:11). Le Egbɔ la, ehiã nɛ kokoko be wòagblɔ
Nya Nyui la na xexea me katã nenye be ehiã be eya ɖeka nawɔe
gɔ hã.
Fifia susu si ta wògblɔ be, "...Ele nam kokoko be manɔ
egbɔgblɔ dzi ɣe sia ɣi madzudzɔmadzudzɔ. Ne meke atse dzudzɔ
56
ewe
la, baba nam!" (1 Korintotɔwo 9:16) me akɔ ɖe edzi na wò.
Xɔxɔkpɔkpɔ aɖeke meli Nya Nyui la manɔmee o. Tito 1:2-3
gblɔ nya nyui aɖe na mí; egblɔ be, "Ɖe agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ
ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi xexeame
dze gɔme; ke eɖe eƒe nya la fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi le
gbeƒãɖeɖe, si wòtsɔ de asi nam la me, le Mawu, mía xɔla ƒe
sedede la nu."
Mawu do agbe mavɔ ƒe ŋugbe hafi xexea dze egɔme gɔ hã,
eye fifia la, Eyama wɔ ɖe ŋugbedodo la dzi hena be agbe mavɔ
nanɔ anyi to Nya Nyui la gbɔgblɔ me. Yayramewoe míenye be
míenye ame siwo naa be amewo nyana nu tso Mawu ƒe ɖoɖo
ŋu, eye míawo si mee wòle. Womaxɔ Nya Nyui la to mɔ bubu
aɖeke nu o, va se ɖe esime míegblɔe na wo. Na esia nanye wò
taɖodzinu gbãtɔ, elabena eya koe hiã. Kpɔ egbɔ be Nya Nyu la
ɖo ame geɖe siwo ƒoxlã wò, siwo woɖo ɖi be woaxɔe le wò nuto
me kple nuto siwo le egodo la me gbɔ.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Mele te hele dzo dzi le gbɔgbɔme, eye mele Aƒetɔ la subɔm abe
Kristo ƒe amedɔdɔ ene le Nya Nyui la me. To dzinye la, Nya
Nyui la le ame geɖe siwo woɖo ɖi be woava kpɔ xɔxɔ la gbɔ
ɖom; wole wokplɔm tso viviti me va Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe
'blɔɖe me. Haleluya!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
1 Korintot4wo 1:18; Mateo 28:19-20; 2 Korintot4wo 5:18-20

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 6:1-29 & 3 Mose 24

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 21:1-9 & Psalmowo 37 57
memle2a 24
ƉASEƉILA NA WÒ DZIDZIME
Eye míawo la nya siawo ƒe ɖaseɖilawo míenye
kple Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Mawu na amesiwo ɖoa
toe la (Dɔwɔwɔwo 5:32).

È nya be Mawu le mɔkpɔm be xɔlɔw̃ òwo kple hatiwòwo,


ame siwo wɔa dɔ kple wò, wò asitsahatiwò, wò
sukuhatiwo, wò ƒometɔwo, ame siwo le aƒeme kple wò kpakple
ame siwo Wòahe va wò mɔ me, siwo megbugbɔ dzi o la nase
Nya la to dzi wò, ale be woakpɔ xɔxɔa? Wo katã wole dɔdeasi
si Mawu tsɔ na wò la lalam. Gbɔ wòe Wòabia akɔnta le abe
woƒe ɖaseɖila ene.
Ele be nàɖi aɖase na wò dzidzime. Eya ta do vevie nu le
xɔxɔ tsɔtsɔ yi na ame siwo le wò xexeme me. Afi mae woƒe
gɔmeɖokpe le agbe mele. Àvazu alɔdze si le kutsem, si le nya
si Yesu gblɔ le Yohanes 15:5 me be "Nyee nye weinti la, miawo
míenye alɔwo" la wɔm.
Wòe nye alɔdze si le kutsem, si le dzɔdzɔenyenye ƒe
kutsetsewo kple dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwo hem ɖe go. Mawu ƒe
Fiaɖuƒe ƒe kuwo le mèwò. Esiae nye wò subɔsubɔdɔ gbãtɔ le
agbe me. Ɖo ŋku Yesu ƒe nyawo dzi be, "Midi mawufiaɖuƒe la
kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã
akpe ɖe eŋuti na mi" (Mateo 6:33).
Na Eƒe Fiaɖuƒe ƒe takeke le anyigba dzi nanye nu vevietɔ
58
ewe
kekeake na wò, eye Eƒe ŋutikɔkɔe adze le mèwò kple to dziwò.
Ele be nàva nya be Nya Nyui la, gbedeasi ma ke si xɔ wò ɖe
agbe lae wotsɔ de asi na wò.
Paulo dze si esia. Eya ta egblɔ le 1 Timoteo 1:11 me be,
"Le Mawu yayratɔ ƒe ŋutikɔkɔe nyanyuie, si wotsɔ de asi nam
la nu." Tsɔ Nya Nyui la gbɔgblɔ ɖo ɖokuiwò dzi eye ànɔ agbe
si me dzidzeme kple agbe si wɔa dɔ ɖe ame bubuwo dzi le la.

GBEDODOƉA
Aƒetɔ Lɔlɔt̃ ɔ, akpe na wò ɖe yayra si wònye be wotiam be medze
hena ame bubuwo wɔwɔ Mawu xɔlɔw ̃ oe ta. Akpe na wò ɖe wò
ŋutikɔkɔe Nya Nyui si wotsɔ de asi nam ta. Manɔ egblɔm kple
dzideƒo le afi sia afi na ame sia ame, va se ɖe esime anyigbadzi
katã yɔ kple wò ŋutikɔkɔe ƒe sidzedze, eye wò xɔxɔkpɔkpɔ kple
dzɔdzɔenyenye le dzadzam ɖe dukɔawo dzi abe tsi ene, le Yesu
ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
2 Korintot4wo 5:18-20; 1 Korintot4wo 9:16; Marko 16:15

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 6:30-56 & 3 Mose 25

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 21:10-17 & Psalmowo 38-39 59
kwasi2a 25
NƆ AGBE NA KRISTO

Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ɖu mía dzi, elabe eme kɔ ƒãa na


mí be ame ɖeka koe ku ɖe amewo katã ta, eye
esia fia be amewo katã ku (2 Korintotɔwo 5:14).

A me geɖewo li siwo mese agbe ƒe taɖodzinu gɔme o.


Eya ta wobuna be gãnyenye ƒe agbee nye nenye be èha
kesinɔnuwo alo anyigbadzi nunɔamesi gbogbowo na ɖokuiwò;
ao. Yesu gblɔ le Luka 12:15 me be, "...Mikpɔ nyuie, eye milé
be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa
eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o."
Egafia nu tso hotsuitɔ aɖe si ŋe nuku gbogbowo alegbegbe
be eɖoe be yeamu yeƒe avawo eye yeatu yeyewo ale be yeadzra
yeƒe nuŋeŋewo ɖe afi ma. Dzidzɔe ŋutɔ be etu nu geɖewo ɖi
na eɖokui.
Ke esime wòganɔ ŋugble dem dzidzɔtɔe ɖe nu siwo katã
wòha na eɖokui ŋu la, Mawu va eƒe xɔme hegblɔ be, "Wò,
ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke
nusiwo nèdzra ɖo na ɖokuiwò la, ameka tɔ woazu mahã?"
(Luka 12:20 NIV).
Nu kae nye wò agbe ƒe taɖodzinu le xexe sia me? Nukatae
nèle afi sia ɖo? Èle afi sia ale be nàna be Yesu Kristo ƒe Nya
Nyui la naɖo anyigba ƒe seƒe ke. Míaƒe Aƒetɔ Yesu gblɔ be,
"Miheyi ɖe xexe la me katã, eye miɖe gbe ƒã nyanyuie la na
60
ewe
nuwɔwɔwo katã" (Marko 16:15). Le Mateo 28:19 me la, Egblɔ
be, "Miheyi eye miafia dukɔwo katã..."
Tsɔ wò wɔƒe le Nya Nyui la gbɔgblɔ me ɖo ɖokuiwò dzi
eye nàgblɔ abe Apostolo Paulo ene be, "Le Mawu yayratɔ ƒe
ŋutikɔkɔe nyanyuie, si wotsɔ de asi nam la nu" (1 Timoteo
1:11). Ɖo ŋku nya si Aƒetɔ la gblɔ le Dɔwɔwɔwo 26:16 me dzi
be, "...elabena esia ta meɖe ɖokuinye fia wò ɖo, bena maɖo
wò nanye dɔla kple ɖaseɖila..."
Míawoe nye Eƒe ɖaseɖilawo; ele be nenye nane si doa
dzidzɔ na wò. Màɖanye Osɔfo, mawunyagblɔla, nufiala,
nyagblɔɖila alo Apostolo o, ke ènye ame si awɔ ame bubuwo
Mawu xɔlɔw ̃ oe, woyɔ wò be nànye luʋɔw̃ o ɖela. Eya ta nɔ wò
agbe na Kristo bliboe! Ne nu sia nu ɖadzɔ hã la, tsitre na Yesu
Kristo kple Eƒe Fiaɖuƒe la! Gblɔ Nya Nyui la nenye be nu sia
nu ɖadzɔ hã.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Woklãm ɖe atitsoga ŋu kple Kristo, menye nyee le agbe o, ke
boŋ Kristoe le agbe le menye, eye mele agbe nɔm na Eyama.
Ewɔm luʋɔɖela si me dzo le, si wɔa nuteƒe, kple esi mevɔn ̃ a
o, eye egbe la, to dzinye la, ame geɖe le Nya Nyui la xɔm kple
dzidzɔ eye wole Fiaɖuƒe la me vam, le Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Galatiat4wo 2:20; Romat4wo 10:13-15; 1 Korintot4wo 9:16

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 7:1-23 & 3 Mose 26-27

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 21:18-26 & Psalmowo 40-41 61
dzoda 26
WODZI WÒ BENA NÀNƆ AGBE NYUI LA

Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo


wowɔ le Kristo Yesu me [hegbugbɔ dzi] hena dɔ
nyuiwo siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ
la wɔwɔ [hele agbe nyui si Wòdzra ɖo ɖi na mí
la nɔm] (Efesotɔwo 2:10 AMPC).

L e Yohanes 10:10 AMPC me la, Yesu gblɔ be, "...Nye


la meva, bena woakpɔ agbe kple agbɔsɔsɔ." Menye
ɖeko wodzi wò be nànɔ agbe ko o, ke boŋ be nànɔ agbe nyui si
Mawu dzra ɖo ɖi na wò do ŋgɔ - blibonyenye ƒe agbe.
Esia tae wòle be nàyɔ taŋ kple dzidzɔ kple ŋusẽ ɣesiaɣi,
anɔ dɔ dzɔtsuwo wɔm, anɔ wò xexe me yram gbe sia gbe. Etsɔ
gãnyenye ƒe agbe na wò; enye taɖodzinu, ŋusẽ kpakple agbɔsɔsɔ
ƒe agbe. Meka kuxi siwo me nètona o; ènye dziɖula le Kristo
Yesu me.
Yesu tsɔ agbe si gbɔ xexe sia me ŋu yi la na wò. Enye
agbe si kpɔ ŋusẽ ɖe xexe sia, si daa ƒu la ƒe gbegblẽkple
numanyomanyowo dzi; enye mawume 'gbe. Ŋutikɔkɔe na
Mawu! Ɖewomahĩ ènɔ agbe nɔm le vɔvɔ̃ me ɖe dɔ vɔ̃ aɖe si
ɖɔkitawo kpɔ le ŋuwò ta; agbe si le mèwò la kpɔ ŋusẽ ɖe dɔléle
dzi.
Biblia gblɔ le Romatɔwo 8:10 me be, "Ke ne Kristo le mia
me la, ekema ŋutilã la ku le nuvɔ̃ ta, gake gbɔgbɔ la enye agbe
62
ewe
le dzɔdzɔenyenye ŋuti." Èvaɖo teƒe si lãmegbegblẽ kple dɔléle
bu woƒe ŋusẽ ɖe dziwò le la. Eya ta ɖe asi le vɔvɔ̃wo ŋu.
Ame si le mèwò la nye Gã wu dɔléle si adze agbagba be
yeadze dzi wò: "Viwo, miawo la Mawu me mietso, eye mieɖu wo
dzi; elabena amesi le mia me la, etri akɔ wu amesi le xexeame"
(1 Yohanes 4:4). Èkpɔ ŋusẽ ɖe suklidɔ, dzi dɔ, akɔtave, kansa,
fibroid, alo ŋutilãme kuxi si wòaɖa nye la dzi. Nɔ wò agbe eye
nàse vivĩ nɛ le lãmesẽ, nunyoname, ŋutifafa kpakple dzidzɔ
manyagblɔ si yɔ fũu kple ŋutikɔkɔe me. Haleluya!

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Mele agbe nyui si wowɔ ɖi nam hafi wovaɖo xexea me gɔme
anyi la nɔm. Mele agbe nɔm le Kristo ƒe dziɖuɖu, ŋutikɔkɔe,
ŋusẽkple Eƒe dzɔdzɔenyenye me gbe sia gbe. Menye ame si
kpɔa dzidzedze; Mele agbe nɔm le lãmesẽ me, elabena Mawu
ƒe agbe le menye; nye ŋutilãe nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe gbedoxɔ!
Yayratɔe nye Mawu!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Efesot4wo 2:10 AMPC; Yohanes 10:10 AMPC

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 7:24-8:1-13 & 4 Mose 1-2
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 21:27-39 & Psalmowo 42-43 63
bla2a 27
DZIDZEDZE SI DZINA ƉE EDZI ƉAA
Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo
katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la
gbɔ, amesi gbɔ liɖɔɖɔ alo tɔtrɔ ƒe vɔvɔlidodoa
ɖeke meli o (Yakobo 1:17).

N enye be ame aɖe si kpɔ ga alegbegbe tsã la dze


ganyawo ŋuti kuxi siwo meva tame na ame aɖeke kpɔ
o la me tom ɣeyiɣi didi aɖe la, ekema nane mele eteƒe o. Va se
ɖe esime ame ma vade dzesi be esia menye Mawu ƒe ɖoɖo na
viawo dometɔ aɖeke o la, ate ŋu anɔ fɔbum nudzɔdzɔwo, dziɖuɖu
la alo ame siwo ƒoxlãe ɖe eƒe kuxi ta.
Ate ŋu abu fɔ eya ŋutɔ ɖokui gɔ hã ɖe afɔ aɖe siwo wòɖe,
si medze be neɖe o ta. Ke biabia lae nye be: ɖe wònya nyateƒe
la tututua? Ele vevie be nàdze si ame si nènye, ame si Eyama
nye, nu si le asi wò le Eyama me, kpakple ame si Wònye na wò.
Mawue nye wò dzɔtsoƒe.
Biblia gblɔ be míenye Mawu ƒe domenyilawo eye míeganyi
dome kple Kristo. Le Kristo me la, ele be nuwo me nanyo na
wò ɣesiaɣi eye nàganɔ dzidzim ɖe edzi le dzidzedzekpɔkpɔ me
- tso ŋutikɔkɔe yi ŋutikɔkɔe me. Míeyina dzi ale be míaɖiɖi o.
Ale si gbegbe nuwo ƒe asi le dzi yim kple ale si nuwo le sesẽm
le xexeame ƒe gãnyawo me la menye naneke o; nenye be nède
dzesii be wò nunɔamesiwo ƒe dzɔtsoƒe vavãe nye Aƒetɔ la la,
nudzɔdzɔwo makpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o eye xexeame ƒe gãnyawo
64
ewe
hã maʋã wò o.
Biblia ƒo nu tso ale si ame si Aƒetɔ la yra la le ŋu. Egblɔ be,
“Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la
te ene. Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la, mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo
hã daa ama ɣe sia ɣi. Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea
ku ɖaa” (Yeremia 17:8). Esia gblɔ nane tso Mawu ƒe amewo ƒe
dzidzedzekpɔkpɔ ɖaa ŋu, zɔzɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖowo dzi.
Wò domeninu abe nuwɔwɔ yeye ƒe akpa aɖee nye be katiatia
le wò kple nunɔamesi siwo mevɔna o la dome. Wò nunɔamesiwo
ƒe dzɔtsoƒe meƒuna gbeɖe o. Dziɖuɖu la, ame siwo dome nèle,
wò dɔwɔɖui, asitsadɔ, ƒome alo ame sia ame ƒomevi ɖe sia ɖe
menye wò nunɔamesiwo ƒe dzɔtsoƒe o; Aƒetɔ lae nye woƒe
dzɔtsoƒe. Da wò susu ɖe Eyama eye nàka ɖe Edzi bena akpɔ
wò ganyawo gbɔ, le esime nèle zɔzɔm ɖe Eƒe gɔmeɖose siwo
kuɖe gãnyawo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu la dzi.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Aƒetɔ la nye Kplɔla nye - si nyiam, kplɔam, hegatɔa kpɔ ƒoxlãm;
Naneke mehiãam o! Enaa megbɔna ɖe eme le lãnyiƒe damawo;
Ekplɔam to toƒe dzɔdzɔewo! Eya ta mele agbe nɔm eye nuwo me
nyona nam ɖe edzi ɣesiaɣi, hebɔna ɖe asi nye ale be nyemahiã
na kpekpeɖeŋu o. Nuwo su asinye le agbɔsɔsɔ me hena dɔ nyui
sia dɔ nyui wɔwɔ kple nuwo nana. Ŋutikɔkɔe na Mawu!

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Psalmowo 1:1-3; 2 Korintot4wo 9:8 AMPC; Luka 6:38

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 8:14-26 & 4 Mose 3-4
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 21:40-22:1-10 & Psalmowo 44-45 65
ku2a 28
MAWU WƆ ƉOƉO ƉE WÒ AGBE ŊU
TƆXE
Abe alesi ke wòtia mí le eyama me, hafi wòɖo
xexeame gɔme anyi ene, bene mianye kɔkɔeawo
kple mokaka manɔŋutɔwo le eƒe ŋku me, esi
wotsɔ lɔlɔ̃ ɖo mí ɖi hena vinyenye to Yesu Kristo
dzi na eɖokui le eƒe lɔlɔ̃nu ƒe ŋudzedze la nu,
bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi
wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me (Efesotɔwo 1:4-6).

G bugbɔ lé ŋku ɖe nuŋlɔɣeyiɣi si me woŋlɔ nu si míexlẽ


le nu si míexlẽ fifia la me! Enye susu siwo ta mele
be nàde ŋugble le gbɔdzɔgbɔdzɔ, dadaƒu, koɖoɖo alo dɔléle ŋu
o la dometɔ ɖeka. Mawu wɔ ɖoɖo ɖi ɖe wò agbe ŋu hena Eƒe
amenuveve ƒe kafukafu. Ewɔ ɖoɖo ɖi xoxo be yeatu mí ɖo le
Kristo me hena Eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu, ale
be nenye be amewo kpɔ mí la, woagblɔ be, "Mawu nyo loo!"
Esia sɔ kple nane su Biblia gblɔ le Efesotɔwo 2:10 AMPC
me be, "Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ
le Kristo Yesu me [hegbugbɔ dzi] hena dɔ nyuiwo siwo Mawu
dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la wɔwɔ [hele agbe nyui si Wòdzra
ɖo ɖi na mí la nɔm]." Ewɔ ɖoɖo ɖi na mí be míava nɔ agbe si
de blibo la. Ŋutikɔkɔe na Mawu.
Esia fia be dziɖeleameƒo kple blanuiléle aɖeke meli le wò
agbe me o. Mehiã be naʋã ŋu le ame aɖeke ŋu o. Wowɔ wò hena
agbe deblibo nɔnɔ. Ewɔ ɖoɖo ɖe wò agbe ŋu nyuie; mía dometɔ
66
ewe
aɖeke menye vodada o.
Naneke meku ɖe wò agbe ŋu si Mawu menya be egbɔna
dzɔdzɔ ge o; naneke menye nukunu nɛ o. Eye esiawo katã ku ɖe
Eƒe nunya deblibo ŋu. Gaxlẽ míaƒe nyati kpukpui la va se ɖe
kpukpui enyilia me; egblɔ be, "Eye wòtsɔ eƒe amenuveve xɔasi
la kɔ ɖe mía dzi, elabena ekɔ nunya kple gɔmesese ɖe mía dzi."
Esia fia be, naneke meku ɖe wò agbe ŋu si le Mawu ƒe
nyanya godo o. Ewɔ nu sia nu si wòle be newɔ na wò ale be wò
agbe nanye ɖaseɖiɖi siwo mevɔna o la ƒe agbe. Eya ta nɔ agbe
le dzidzɔ me gbe sia gbe, anɔ Eyama kafum. Haleluya!

GBEDODOƉA
Fofo Lɔlɔt̃ ɔ, mele agbe nɔm le dzidzɔ me gbe sia gbe, le nyanya
me be wò dzɔdzɔme le menye, eye wò dzesi le dzinye. Wowɔm
ɖi bena mavawɔ dɔ nyuiwo eye bena mavanɔ agbe nyui si
nèdzra ɖo ɖi nam. Dziɖeleameƒo kple blanuiléle mekpɔ teƒe
aɖeke le nye agbe me o, elabena menye nuwɔwɔ deŋgɔ, si wowɔ
gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖeke manɔmee. Mele nuwo wɔm bliboe hena
wò ŋutikɔkɔe. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Efesot4wo 2:10 NLT; Yakobo 1:18; Yermya 29:11

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 8:27-38 & 4 Mose 5

biblia xexl8 le 5e eve me:


D4w4w4wo 22:11-21 & Psalmowo 46-47 67
Dzesidenya

Dzesidenya

ewe
Dzesidenya

Dzesidenya
yawo2a 29
EƑE DZƆDZƆENYENYE VAXƆ WÒ
NUVƆ̃- DZƆDZƆME TEƑE
E l a b e n a n u v ɔ̃ m a ɖ u f i a ɖ e m i a d z i
(Romatɔwo 6:14).

M íaƒe ŋgɔdokpukpuia gblɔ be nuvɔ̃ maɖu dziwò o;


elabena ŋutsu alo nyɔnu si gbugbɔdzi la nuvɔ̃ mele
eme o. Le kpukpui aɖe si do ŋgɔ na ema me la, Apostolo Paulo
nɔ nuƒom tso míaƒe dzɔdzɔenyenye, xɔxɔkpɔkpɔ kpakple
amenuveve si míexlɔ̃ tso Mawu gbɔ ŋu la, bia biabia deto aɖe
be, “Aleke gɔ̃ mi amesiwo ku na nuvɔ̃ la, miaganɔ agbe le eme
mahã?” (Romatɔwo 6:2).
Paulo menɔ nuƒom tso eya ŋutɔ kple apostolo bubuawo ɖeɖe
ko ŋu o, ke boŋ enɔ nuƒom tso mí katã ŋu; míeku na nuvɔ.̃ Esia
gɔmee nye be nuvɔ̃ megakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o, elabena nuvɔ̃ ƒe
dzɔdzɔme la va xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe dzɔdzɔme la teƒe.
1 Korintotɔwo 15:56 na míenya be nuvɔ̃ ƒe ŋusẽe nye Se la,
ke Yesu ɖe nu si tututu na agbe ku, si nye Se la ɖa. Efesotɔwo
2:14-15 gblɔ be, "Elabena eya kee nye míaƒe ŋutifafa, amesi
tsɔ mí kpakple eve la katã wɔ ɖeka, eye wòmu mamã ƒe gli, si
nye adikã la, esi wòɖe se la ƒe sededewo le nyaɖoɖowo me la
ɖa le eƒe ŋutilã me..."
Aƒetɔ Yesu na mí dziɖuɖu ɖe nuvɔ̃, ku kpakple tsyiẽƒe
dzi! Meny ɖeko wowɔ mí dzɔdzɔe o, ke boŋ míevazu Mawu ƒe
dzɔdzɔenyenye le Kristo Yesu me. Kpɔ ɖokuiwò nenema. Ame
si megbugbɔ dzi haɖe o la nye nuvɔw ̃ ɔla, eye wònye kluvi na
70
ewe
nuvɔ̃. Nuvɔ̃ ko wòanɔ wɔwɔm, nenye be medi be yeawɔe o hã,
elabena nuvɔ̃ ɖe nɔnɔme le eme.
Ke wò ya mele nenema o; ènye ame dzɔdzɔme le wò
dzɔdzɔme nu. Mawu wɔe nenema. Wò dzɔdzɔme nye nunana
tso Mawu gbɔ (Romatɔwo 5:17), eye dzɔdzɔenyenye ma na wò
mɔnukpɔkpɔ be nàwɔ nyuie ahanɔ agbe nyui.
Naneke meli si wò ŋutɔ àte ŋu awɔ, to wò ŋutɔ wò
blibonyenye me abe amegbetɔ ene ale be nàva zu ame dzɔdzɔe
o. Le go ma ke me la, naneke meli si àte ŋu awɔ alo màte ŋu
awɔ si ana be àɖiɖi le dzɔdzɔenyenye me le Mawu ŋku me o.
Èle dzɔdzɔe abe ale si Yesu le dzɔdzɔe ene, elabena Etsɔ Eƒe
dzɔdzɔenyenye tsɔ ɖɔli wò nuvɔ̃ - dzɔdzɔme.

XƆSENYAWO GBƆGBLƆ
Azɔ esi wotso afia nam to xɔse me be nyemebu fɔ o la, wowɔm
ame dzɔdzɔe; nuvɔ-̃ dzɔdzɔme mele asinye o, elabena Kristo
tsɔ agbe yeye nam. Etsɔ Eƒe dzɔdzɔenyenye tsɔ ɖɔli nye nuvɔ̃
- dzɔdzɔme. Azɔ la, mele agbe na Mawu, hele agbe nɔm le
dzɔdzɔenyenye me; woklɔm; wokɔ ŋutinye; wowɔm dzɔdzɔe
le Aƒetɔ Yesu ƒe Ŋkɔ me. Amen.

NUS4SR- TUTU2EDZI:
Romat4wo 6:1-14

ƉOƉO ƉE BIBLIA XEXLẼ ŊU ƑE DEKA:


Marko 9:1-13 & 4 Mose 6
biblia xexl8 le 5e eve me:
D4w4w4wo 22:22-30 & Psalmowo 48-49 71
Dzesidenya

Dzesidenya

ewe
Dzesidenya

Dzesidenya
Dzesidenya

Dzesidenya

ewe
Dzesidenya

Dzesidenya
@e2ekp4kp4 %e Gbedodo2a @e2ekp4kp4 %e Gbedodo2a @e2ekp4kp4 %e Gbedodo2a

@e2ekp4kp4 %e Gbedodo2a @e2ekp4kp4 %e Gbedodo2a @e2ekp4kp4 %e Gbedodo2a


@e2ekp4kp4 %e
Gbedodo2a

M íex4e se be ekp4 vi2e ge2ee tso agbal8 sia xexl8 me.


Míedi vevi8 be n4w4 Yesu wò A5et4 kple @ela egbea.
Ne edi alea la, ekema do gbe sia 2a:

“O A5et4 Mawu, meva gb4wò le Yesu Kristo 5e `k4


me. Wò nya la gbl4 be: “Ava va me be ame sia ame si
y4 A5et4 la 5e `k4 la, woax4e 2e agbe” (D4w4w4wo 2:21).
Mebia be Yesu nava nye dzime eye wòa2u fia 2e nye
agbe dzi. Mex4 agbemav4 de nye gb4gb4 me, abe ale si
wò le `4`l4 le Romat4wo 10:9 be: “Ne eke nu 3u eme
gbl4 be yesue nye A5et4 la, eye nex4e se le wò dzi me, be
Mawu f4e 2e tsitre tso ame kukuwo dome la, woax4 wò
2e agbe.” Megbl4e 2i be mekp4 2e2e; mezu gbugb4gadzi;
Mawuvie menye! Fifia mex4 Kristo le menye, eye ame
si le menye la tri ak4 wu ame si le xexea me (1 Yohanes
4:4). Fifia la, mele z4z4m le Yesu Kristo 5e agbe yeye la
5e nyanya me. Haleluya!”
Ewoe w4 d4! Mawuvie nenye fifia. Hena wò tsitsi kple tutu2edzi
le Yesu me la, `l4 agbal8 2o 2a mí le adr1s siawo dzi, alo nay4
mia5e telefon:

united kingdom: canada:


+44 (0)1708 556 604 +1 416-667-9191
+44 (0)8001310604 nigeria:
south africa: +234 1 8888186
+27 11 326 0971 usa:
+1(800) 620-8522
ABOUT THE
AUTHOR
P astor Chris Oyakhilome, the President of LoveWorld Inc., a
dynamic, multifaceted, global ministry, is the author of Rhapsody
of Realities, the world’s #1 daily devotional, and more than 30 other
books. He’s a dedicated minister of God’s Word whose message
has brought the reality of the divine life to the hearts of many.
Billions have been affected by his television broadcast, “Atmosphere
For Miracles,” which brings God’s divine presence right into
people’s homes. The scope of his television ministry extends
throughout the world with LoveWorld satellite television networks,
delivering qualitative Christian programming to a global audience.
At the world-renowned Healing School, he manifests the
healing works of Jesus Christ and has helped many receive
healing through the operation of the gifts of the Spirit.
Pastor Chris has a passion to reach the peoples of the world
with God’s presence—a divine commission he’s fulfilled
for over 40 years through various outreaches, crusades,
as well as several other platforms that have helped billions
experience a victorious and purposeful life in God’s Word.
Dzesidenya

Dzesidenya

ewe
Dzesidenya

Dzesidenya
RhapsodyDzesidenya
of
Realities

Dzesidenya

ewe

You might also like